Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




1 Korintotɔwo 6:6 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

6 Ke nɔvi hea nɔvi yia ʋɔnu boŋ, eye wòwɔa esia le dzimaxɔsetɔwo ŋku me.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

6 Ke nu ka ta wòle dzɔdzɔm le mia dome be kristotɔ nakplɔ nɔvia kristotɔ ayi ʋɔnu le dzimaxɔsetɔwo, ame siwo menya Mawu o la gbɔ?

Gade chapit la Kopi




1 Korintotɔwo 6:6
13 Referans Kwoze  

Migazu amesiwo atsɔ kɔkuti tutɔ na dzimaxɔsetɔwo ti o! Elabena hadede kae le dzɔdzɔenyenye kple sedzimawɔmawɔ dome? Alo ƒomedodo kae le kekeli kple viviti dome?


Ke azɔ esia menyo na mi kura o bena, nyadɔdrɔ̃wo le mia dome ɖe mia nɔewo ŋuti. Nukaŋuti miena wowɔ vɔ̃ ɖe mia ŋuti boŋ oa? Nukaŋuti miena woba mi boŋ oa?


Alo ne mia dome amea ɖe he nya ɖe xɔlɔ̃via ŋuti la, ado dzi be, yeahee ayi ʋɔnu ɖe ame madzɔmadzɔwo ŋku me, eye menye ame kɔkɔewo ŋku me o mahã?


Eye esi ŋu gake la, eva ɖo ɖe wo dzi, le esime wole kɔ dam, eye wòlé avu wo gblɔ bena: „Ŋutsuwo, nɔviwò míenye! Nukaŋuti miele nu madzɔmadzɔ wɔm ɖe mia nɔewo ŋu?“


Emegbe edo mɔ nɔviawo, eye hafi wòadze mɔ la, exlɔ̃ nu wo bena: Migawɔ dzre le mɔ dzi o!


Alo aleke Kristo kple Belial asɔa? Alo gome kae li na xɔsetɔ kple dzimaxɔsetɔa?


Ke ne amea ɖe melé be na ye ŋutɔ tɔwo o, eye vevietɔ na ye ŋutɔ ƒe aƒemetɔwo o la, egbe xɔse la, eye wòvɔ̃ɖi wu dzimaxɔsetɔ.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite