Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




1 Korintotɔwo 6:5 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

5 Ŋukpedodo mi ta megblɔe ɖo! A, vavãe, nunyalaa ɖeke mele mia dome oa? Ɖeka hɔ̃ meli, si ate ŋu adrɔ̃ ʋɔnu le nɔviawo dome oa?

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

5 Mele nya siawo gblɔm kple susu be ŋu nakpe mi. Ɖe miele gbɔgblɔm be le miaƒe hame bliboa me la, ame aɖeke kura meli si si susu le, ale be wòate ŋu awɔ nya siawo ŋu dɔ na mi oa?

Gade chapit la Kopi




1 Korintotɔwo 6:5
12 Referans Kwoze  

Mizu mo xexee tɔwo vavã, eye migawɔ nuvɔ̃ o! Elabena simadzemadze Mawu le amea ɖewo me; ŋukpedodo mi ta megblɔe ɖo.


Menye ɖe meŋlɔ nusiawo, bene maɖo ŋukpe mi o, ke boŋ bene maxlɔ̃ nu mi abe nye lɔlɔ̃viwo ene.


Ke ne mia dometɔa ɖe le nunya hiãm la, neɖe kuku na Mawu, si na amewo katã faa, eye medoa ŋukpe ame o la, eye wòatsɔe anɛ.


Alo ɖe dzɔdzɔme ŋutɔ mèfia mi bena, ne ɖa legbe li na ŋutsu la; enye ŋukpe nɛ oa?


Míenye bometsilawo le Kristo ŋuti, ke miawo la nunyalawo míenye le Kristo me; miawo la miegbɔdzɔna, ke miawo la miesẽa ŋu; wobua mi, ke miawo la woɖoa vlo mi.


Amea ɖeke nagable eɖokui o: Ne mia dome amea ɖe bu eɖokui nunyala le xexe sia me la, nezu bometsila, bene wòazu nunyala.


Nunyalawo ƒe ayedzedze enye be, woalé ŋku ɖe woƒe zɔzɔme ŋu; ke bometsilawo ƒe bometsitsi enye alakpa.


Eye le ŋkeke siawo me la Petro tsi tre ɖe nɔviawo titina (ameha, si ƒo ƒu la, nu anɔ alafa ɖeka kple blave), eye wògblɔ bena;


Ke Anania xɔ edzi gblɔ bena: Aƒetɔ, mese le ame geɖewo nu le ŋutsu sia ŋuti, alesi wòwɔ vɔ̃ geɖe ɖe wò ame kɔkɔe, siwo le Yerusalem la ŋu;


Alo ne mia dome amea ɖe he nya ɖe xɔlɔ̃via ŋuti la, ado dzi be, yeahee ayi ʋɔnu ɖe ame madzɔmadzɔwo ŋku me, eye menye ame kɔkɔewo ŋku me o mahã?


Azɔ la ne agbe sia me nyadɔdrɔ̃a ɖe le mia si la, mietsɔ amesiwo woɖoa vlo le ha me la boŋ ɖo ʋɔnudrɔlawoe!


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite