Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




1 Korintotɔwo 6:19 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

19 Alo ɖe mienyae bena, miaƒe ŋutilã la Gbɔgbɔ kɔkɔe, si le nua me, si miexɔ tso Mawu gbɔ la ƒe xɔ wònye, eye míenye mia ɖokui to oa?

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

19 Nu ka ta va se ɖe fifia hã la, mienya kpɔ be miaƒe ŋutilã nye Gbɔgbɔ Kɔkɔe si Mawu na mi la ƒe nɔƒe eye wòle mia me ɣe sia ɣi o mahã? Miawo ŋutɔ ƒe ŋutilãwo menye mia tɔ o,

Gade chapit la Kopi




1 Korintotɔwo 6:19
17 Referans Kwoze  

Ɖe mienyae bena, mawuxɔ míenye, eye Mawu ƒe Gbɔgbɔ la nɔa mia me oa?


Alo ɖekawɔwɔ kae le mawuxɔ kple trɔ̃wo domea? Elabena miawoe nye Mawu gbagbe la ƒe xɔ, abe alesi Mawu gblɔ ene bena: „Manɔ wo dome, eye mazɔ wo dome, eye manye Mawu na wo, eye woawo hã woanye nye dukɔ.


eye abe kpe gbagbewo ene la miawo hã mitu mia ɖokui wòazu gbɔgbɔ me xɔ hena nunɔlanyenye kɔkɔe, bena miasa gbɔgbɔ me vɔ, siwo adze Mawu ŋu to Yesu Kristo dzi.


Midze sii be, Yehowa ye nye Mawu! Eyae wɔ mí, eye etɔ míenye, eƒe dukɔ kple alẽwo le eƒe lãnyiƒe míenye.


amesi tso eɖokui hena ɖe mía ta, bene yeaxe fe ɖe mia ta axɔ mí atso sedzimawɔmawɔ katã me, eye bene yeaklɔ dukɔ, si doa vevie le dɔ nyui wɔwɔ me la ŋuti hena ye ŋutɔ ɖokui!


Ke eya la ƒo nu le eƒe ŋutilã ƒe mawuxɔ ŋuti.


eye míedzro eme kpɔ kpɔ esia bena, esi ame ɖeka ku ɖe amewo katã ta, eyata amewo katã ku. Eye wòku ɖe wo katã ta, bene amesiwo le agbe la, naganɔ agbe na wo ɖokui o, ke ne woanɔ agbe hena amesi ku, eye wògatsi tre le wo ta la boŋ.


Yehowa netsrɔ nume ŋanɛ tɔwo kple aɖe, siwo gblɔa nya gãwo,


elabena ameka menye, eye ameka nye dukɔ la nye, be, miekpɔ ŋusẽ hena nu faa alea? Elabena nuwo katã tso gbɔwò, eye asiwò me miexɔ wo le hetsɔ na wò.


Israel-fia ɖo ŋu bena: Nye aƒetɔ fia, wòe ƒo nu! Mia kple nusianu, si le asinye la, tɔwo míenye.


Ke miawo la mienɔa anyi le ŋutilã me o, negbe le Gbɔgbɔ me, ne ele nenema bena, Mawu ƒe Gbɔgbɔ nɔa mia me la. Ke ne Kristo ƒe Gbɔgbɔ mele amea ɖe me o la, eya menye etɔ o.


Mienyae bena, miadrɔ̃ ʋɔnu mawudɔlawo oa, ʋuu keke wòahayi agbe sia me nuwo nye gea?


Nuɖuɖu li na ƒodo, eye ƒodo hã li na nuɖuɖu; gake Mawu aɖe esia kple ekeme siaa ɖa. Ke ŋutilã meli na ahasiwɔwɔ o, hafi Aƒetɔ la tɔe, eye Aƒetɔ la hã ŋutilã tɔe boŋ.


Alo ɖe míebuna bena, ŋɔŋlɔ la ƒoa nu dzodzro bena: Gbɔgbɔ, si wòna wòdzra nɔƒe ɖo le mia me la, le edzrom kple ŋuʋaʋã?


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite