Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




1 Korintotɔwo 6:18 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

18 Misi le ahasiwɔwɔ nu! Nuvɔ̃ sia nuvɔ̃, si ame wɔna la, menye eƒe ŋutilã me wòle o, ke ahasiwɔla wɔa vɔ̃ ɖe ye ŋutɔ ƒe ŋutilã ŋuti.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

18 Le esia ta mele gbe tem ɖe edzi na mi be miadzudzɔ ahasiwɔwɔ elabena ahasiwɔwɔ nye nu vɔ̃ si ƒoa ɖi ame ƒe ŋutilã. Eya ta ne miewɔ nu vɔ̃ sia la, miawo ŋutɔwo koe akpe fu.

Gade chapit la Kopi




1 Korintotɔwo 6:18
19 Referans Kwoze  

Lɔlɔ̃tɔwo, mele nu xlɔ̃m mi abe amedzrowo kple mɔzɔlawo ene be, miade mia dokui ɖa atso ŋutilã nudzodzro, siwo wɔa aʋa ɖe luʋɔ ŋuti la gbɔ,


Elabena esiae nye Mawu ƒe lɔlɔ̃nu, be miawo mia ɖokui kɔkɔe, eye miade mia ɖokui ɖa atso ahasiwɔwɔ me,


Eyata miwu mia ŋutinu, siwo le anyigba dzi; ahasiwɔwɔ, makɔmakɔnyenye, fiẽŋufiẽŋui, nudzodzro vɔ̃ kple ŋukeklẽ, si nye trɔ̃subɔsubɔ;


Si le ɖekakpuinyenye ƒe nudzodzrowo nu; ke dze dzɔdzɔenyenye, xɔse, lɔlɔ̃ kple ŋutifafa yome hekpe de amesiwo katã yɔ Aƒetɔ la le dzi dzadzɛ me la ŋu.


Bubu nanɔ srɔ̃ɖeɖe me le amewo katã dome, eye womagaƒo ɖi srɔ̃ɖeba la o; elabena ahasiwɔlawo kple matrewɔlawo la, Mawu adrɔ̃ ʋɔnu wo.


Ke ahasiwɔwɔ kple makɔmakɔnyenye katã alo ŋukeklẽ la womagayɔ eŋkɔ gɔ̃ hã le mia dome o, abe alesi wòdze ame kɔkɔewo ene,


Alo mienyae bena, ame madzɔmadzɔwo manyi mawufiaɖuƒe la ƒe dome oa? Migana woable mi o: Ahasiwɔla wo kple trɔ̃subɔlawo kple matrewɔlawo kple hadzelawo kple ŋutsu, siwo dɔna kple ŋutsuwo,


bena ne megava la, Mawu abɔbɔm ɖe anyi le mia gbɔ, eye mala konyi le ame geɖe, siwo wɔ nuvɔ̃ tsã, eye wometrɔ le woƒe dzi me le makɔmakɔnyenye kple ahasiwɔwɔ kple hadzedze, siwo wowɔ ŋuti o la ta.


menye le nudzodzro ƒe fiẽŋufiẽŋui vevie me, abe alesi trɔ̃subɔla, siwo menya Mawu o la wɔna la ene o;


Eyata le woƒe dziwo ƒe nudzodzrowo me la Mawu tsɔ wo de asi na makɔmakɔnyenye, bene woado ŋunyɔ woƒe ŋutilãwo le wo nɔewo dome;


Ke ŋutilã ƒe dɔwɔwɔwo dze ƒã keŋ, esiwo nye: Matrewɔwɔ, ahasiwɔwɔ, makɔmakɔnyenye, hadzedze,


Ne ŋutsua mlɔ nyɔnua ɖe gbã, hafi nyẽ tsia la, ekema woa kple eve la nale tsi, eye wo ŋu mekɔ o vaseɖe fiẽ.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite