Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




1 Korintotɔwo 6:17 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

17 Ke amesi tsɔ eɖokui lé ɖe Aƒetɔ la ŋuti la, eya kplii enye gbɔgbɔ ɖeka.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

17 Ke ame si tsɔ eɖokui lé ɖe Aƒetɔ la ŋu la, eya kplii wozu ɖeka le gbɔgbɔ me.

Gade chapit la Kopi




1 Korintotɔwo 6:17
9 Referans Kwoze  

Mele agbe, gake meganye nyee le agbe o, ke boŋ Kristo ye le agbe le menye; ke nusi ƒe agbe mele le ŋutilã me azɔ la, mele agbe le Mawuvi, si lɔ̃m, eye wòtsɔ ye ŋutɔ ɖokui na ɖe tanye la, ƒe dzixɔxɔse me.


Elabena Gbɔgbɔ ɖeka me wode mawutsi ta na mí katã le, bena mianye ŋutilã ɖeka, míeɖanye Yudatɔwo alo Helatɔwo o, míeɖanye kluviwo alo ablɔɖeviwo o, eye wotsɔ Gbɔgbɔ ɖeka kpe na mi katã.


Nusi wodzi tso ŋutilã me la, ŋutilã wònye, eye nusi wodzi tso Gbɔgbɔ me la, Gbɔgbɔ wònye.


elabena eƒe ŋutilã ƒe ŋutinuwo míenye, fefe ŋutilã kple eƒe ƒuawo me mietso.


Mina susu ma ke, si nɔ Kristo Yesu hã me la, nanɔ miawo hã mia me,


Ke miawo la mienɔa anyi le ŋutilã me o, negbe le Gbɔgbɔ me, ne ele nenema bena, Mawu ƒe Gbɔgbɔ nɔa mia me la. Ke ne Kristo ƒe Gbɔgbɔ mele amea ɖe me o la, eya menye etɔ o.


Alo ɖe mienyae bena, miaƒe ŋutilãwo la Kristo ƒe ŋutinuwo wonye o mahã? Aleke lawɔ matsɔ Kristo ƒe ŋutinuwo awɔ ahasiwɔla ƒe ŋutinuwo mahã? Gbeɖe!


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite