Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




1 Korintotɔwo 6:15 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

15 Alo ɖe mienyae bena, miaƒe ŋutilãwo la Kristo ƒe ŋutinuwo wonye o mahã? Aleke lawɔ matsɔ Kristo ƒe ŋutinuwo awɔ ahasiwɔla ƒe ŋutinuwo mahã? Gbeɖe!

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

15 Alo mienya be miaƒe ŋutilãwo nye Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe ŋutilã ƒe akpa vovovowo oa? Ne ele alea la, ekema ɖe wònyo be miatsɔ Kristo ƒe ŋutilã ade ha kple ahasiwɔla tɔa? Gbeɖe, mele be wòanɔ alea o!

Gade chapit la Kopi




1 Korintotɔwo 6:15
25 Referans Kwoze  

elabena eƒe ŋutilã ƒe ŋutinuwo míenye, fefe ŋutilã kple eƒe ƒuawo me mietso.


nenema ke mí ame geɖewo míenye ŋutilã ɖeka le Kristo me, hafi mía dome ame ɖeka ɖekawo la ŋutinuwo míenye;


eye melé ɖe ta ŋuti o, amesi gbɔ ŋutilã blibo la katã kpɔa kpekpeɖeŋuti tsonɛ, eye wobiae ɖeka to ƒunuɖeƒeewo kple kawo me, eye wotsina le tsitsi, si tsoa Mawu gbɔ la nu.


Ke miawo la Kristo ƒe ŋutilã míenye, eye mia dome ɖesiaɖe nye ŋutinu.


bene woadzra ame kɔkɔewo do hena subɔsubɔ ƒe dɔwɔwɔ hena Kristo ƒe ŋutilã tutu,


Ke mele ɖiɖim bena, mianyae bena, ŋutsu sia ŋutsu ƒe ta enye Kristo, ke nyɔnu ƒe ta enye ŋutsu, ke Kristo ƒe ta enye Mawu.


Alo ɖe mienyae bena, miaƒe ŋutilã la Gbɔgbɔ kɔkɔe, si le nua me, si miexɔ tso Mawu gbɔ la ƒe xɔ wònye, eye míenye mia ɖokui to oa?


elabena ŋutsue nye ta na nyɔnu, abe alesi Kristo hã nye ta na hame la ene, eye eyae nye ŋutilã la ƒe xɔla.


Ava, eye wòatsrɔ̃ agbledela siawo, eye wòade agble la asi na ame bubuwo. Ke esi wose esia la, wogblɔ bena: Kpao, meganɔ nenema o!


Ke nye la megava me nam bena, maƒo adegbe o, negbe le mía Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe atitsoga la ŋuti ko, amesi me woto klã xexeame ɖe atitsoga ŋu nam, eye nye hã woklãm ɖe atitsoga ŋu na xexeame.


Azɔ la, ɖe se la tsi tre ɖe Mawu ƒe ŋugbedodo la ŋuti mahã? Gbeɖe! Elabena ɖe wona sea ɖe, si ate ŋu ana agbe la, anye ne se la me ke dzodzoenyenye la tso vavã.


Ke ne wokpɔ mí amesiwo le didim bena, woatso afia na mí le Kristo me la, bena mía ŋutɔwo hã nuvɔ̃wɔlawo míenye la, ekema Kristo le nuvɔ̃ ƒe subɔla nyem! Gbeɖe!


Nuɖuɖu li na ƒodo, eye ƒodo hã li na nuɖuɖu; gake Mawu aɖe esia kple ekeme siaa ɖa. Ke ŋutilã meli na ahasiwɔwɔ o, hafi Aƒetɔ la tɔe, eye Aƒetɔ la hã ŋutilã tɔe boŋ.


Ekem ɖe nu nyui la zu ku nama? Gbeɖe! Hafi nuvɔ̃ la boŋ ye, bene wòadze ƒã abe nuvɔ̃ ene, tso nu nyui la wo ku nam, bene nuvɔ̃ la navɔ̃ɖi ɖe dzi ŋuta to sedede la me.


Azɔ nuka gblɔ ge míala? Ɖe se la nye nuvɔ̃a? Gbeɖe! Gake nyemedze si nuvɔ̃ la o, negbe to sea me ko; elabena nyemenya ŋubiabiã la hã o, ne menye se la mee wogblɔ le o be; „Megabiã ŋu o!“


Ekem aleke wòle? Esi miegale se la te o, hafi amenuveve la te boŋ míele ŋuti la, miaganɔ nuvɔ̃wɔwɔ dzi mahã? Gbeɖe!


Gbeɖe! Aleke gɔ̃ mi amesiwo ku na nuvɔ̃ la, miaganɔ agbe le eme mahã?


Ekem ɖe mietsɔ xɔse la tu se la mahã? Gbeɖe! Ke mietsɔ se la tu tsitre boŋ.


Eɖo ŋu bena: Esia wɔwɔ neɖe megbe xaa tso gbɔnye! Amesi gbɔ wokpɔ kplua le la, eya anye nye kluvi: ke miawo miagbugbɔ ayi mia fofo gbɔ faa.


Gbeɖe! Elabena ekema aleke Mawu ladrɔ̃ ʋɔnu xexeamee ma?


Mienyae bena, miadrɔ̃ ʋɔnu mawudɔlawo oa, ʋuu keke wòahayi agbe sia me nuwo nye gea?


Ke amesi tsɔ eɖokui lé ɖe Aƒetɔ la ŋuti la, eya kplii enye gbɔgbɔ ɖeka.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite