Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




1 Korintotɔwo 6:14 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

14 Ke Mawu fɔ Aƒetɔ la ɖe tsitre, eye wòatsɔ eƒe ŋusẽ afɔ miawo hã ɖe tsitre.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

14 Gbe ɖeka la, Mawu afɔ miaƒe ŋutilã ɖe tsitre tso ame kukuwo dome, abe ale si tututu wòtsɔ eƒe ŋusẽ fɔ Aƒetɔ Yesu Kristo ɖe tsitre tso ame kukuwo dome ene.

Gade chapit la Kopi




1 Korintotɔwo 6:14
16 Referans Kwoze  

elabena mienya bena, amesi fɔ Aƒetɔ Yesu ɖe tsitre la, afɔ míawo hã kple Yesu, eye wòatsɔ mia kpli mi siaa atu tsitre afia.


Ke ne amesi fɔ Yesu ɖe tsitre tso ame kukuwo dome la, ƒe Gbɔgbɔ nɔ mia me la, ekema amesi fɔ Kristo ɖe tsitre tso ame kukuwo dome la, agbɔ agbe miaƒe ŋutilã, siwo le kuku ge la, hã le eƒe Gbɔgbɔ, si no mia me la ŋuti.


amesi aɖuɖɔ miaƒe bɔbɔɖeanyiŋutilã ƒe nɔnɔme, bene wòaɖi eƒe ŋutikɔkɔeŋutilã le eƒe ŋusesẽ, si ta wòlea ŋu tsɔa nuwo katã dea eɖokui te la nu.


Eya ke Mawu fɔ ɖe tsitre, esi wòtsi ku ƒe vevewo nu, le esi mete ŋu lée ɖe anyi o la ta.


Elabena ne miexɔnɛ sena bena, Kristo ku, eye wògafɔ ɖe tsitre la, nenema ke Mawu ato Yesu Kristo dzi akplɔ amesiwo dɔ alɔ̃ la hã ayi kpakplii.


Gake amesiame le ye ŋutɔ ƒe ɖoɖo nu: Gbãtɔ enye Kristo; emegbe la amesiwo le Kristo me le eƒe vavagbe la;


elabena eɖo ŋkeke, si dzi wòle ʋɔnu drɔ̃ ge xexeame godoo le dzɔdzɔenyenye nu to ŋutsua ɖe, si woɖo la dzi; eye wòle xɔse dom ɖe amewo katã, le esi wòfɔe ɖe tsitre tso ame kukuwo dome la ŋuti.


Nenem Yesu sia la Mawu fɔe ɖe tsitre, nusia ŋuti mi katã míenye ɖaseɖilawo le.


Wònye gbɔdzɔgbɔdzɔ me wòtso woklãe ɖe atitsoga ŋu hafi, gake la Mawu ƒe ŋusẽ me wòtso wòle agbe. Elabena míawo hã míegbɔdzɔ le eyama me; gake mía kplii míanɔ agbe le Mawu ƒe ŋusẽ me le mia gome.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite