Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




1 Korintotɔwo 6:13 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

13 Nuɖuɖu li na ƒodo, eye ƒodo hã li na nuɖuɖu; gake Mawu aɖe esia kple ekeme siaa ɖa. Ke ŋutilã meli na ahasiwɔwɔ o, hafi Aƒetɔ la tɔe, eye Aƒetɔ la hã ŋutilã tɔe boŋ.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

13 Mia dometɔ aɖewo hã be ele eme be, “Mawu wɔ ƒodo na mí be míaɖu nu” gake menye esia ta wòle be ame naɖu nutsu o. Le nyateƒe me la, miganɔ bubum be nuɖuɖu le vevie akpa o elabena gbe ɖeka la, Mawu le nuɖuɖu kple míaƒe ƒodowo siaa ɖe ge ɖa. Medi be mianya nyuie hã be ahasiwɔwɔ menyo le mɔ aɖeke nu o. Menye esia ta wowɔ míaƒe ŋutilã sia ɖo o, ke boŋ ɖe wowɔe na Aƒetɔ la eye enye Aƒetɔ la ƒe didi vevie be ye ŋutɔ yeava nɔ miaƒe ŋutilãwo me.

Gade chapit la Kopi




1 Korintotɔwo 6:13
20 Referans Kwoze  

Alo ɖe mienyae bena, miaƒe ŋutilã la Gbɔgbɔ kɔkɔe, si le nua me, si miexɔ tso Mawu gbɔ la ƒe xɔ wònye, eye míenye mia ɖokui to oa?


Ɖe mienyae bena, mawuxɔ míenye, eye Mawu ƒe Gbɔgbɔ la nɔa mia me oa?


Eyata migana nuvɔ̃ la naɖu fia ɖe miaƒe ŋutilã, si le kuku ge la dzi, bena miaɖo to eƒe nudzodzrowo o.


Alo ɖe mienyae bena, miaƒe ŋutilãwo la Kristo ƒe ŋutinuwo wonye o mahã? Aleke lawɔ matsɔ Kristo ƒe ŋutinuwo awɔ ahasiwɔla ƒe ŋutinuwo mahã? Gbeɖe!


elabena ŋutsue nye ta na nyɔnu, abe alesi Kristo hã nye ta na hame la ene, eye eyae nye ŋutilã la ƒe xɔla.


Alo miedze sii kpɔ bena, nusianu, si yia nu me la, eyina ɖe do me, eye wotsɔnɛ ƒua gbe ɖe kpɔxa o mahã?


Elabena mawufiaɖuƒe la menye nuɖuɖu kple nunono o, ke dzɔdzɔenyenye kple ŋutifafa kple dzidzɔ le Gbɔgbɔ kɔkɔe me boŋ ye.


Azɔ mexlɔ̃ nu mi, nɔviwò, to Mawu ƒe dɔmetɔtrɔ me bena, miatso miaƒe ŋutilãwo awɔ vɔsasa gbagbe, si ŋuti ko, si dze Mawu ŋu, esi anye miaƒe mawusubɔsubɔ gbɔgbɔmetɔ.


Elabena metsɔ Mawu ŋuʋaʋã le ŋu ʋãm le mia ŋu, elabena medo mia ŋugbe na ŋutsu ɖeka, bena matso ɖetugbi dzadzɛ atu tsitre na Kristo.


eye míedzro eme kpɔ kpɔ esia bena, esi ame ɖeka ku ɖe amewo katã ta, eyata amewo katã ku. Eye wòku ɖe wo katã ta, bene amesiwo le agbe la, naganɔ agbe na wo ɖokui o, ke ne woanɔ agbe hena amesi ku, eye wògatsi tre le wo ta la boŋ.


Nɔvinyewo, nenema ke miawo hã mieku na se la to Kristo ƒe ŋutilã me, bene míazu ame bubu, si wofa ɖe tsitre tso ame kukuwo dome la to, bene míatse ku na Mawu.


Mia fofowo ɖu mana le gbeadzi, eye woku.


Midze agbagba, menye ɖe nuɖuɖu, si gblẽna ta o, ke boŋ ɖe nuɖuɖu, si anɔ anyi hena agbe mavɔ la ta, esi Amegbetɔvi la lana mi; elabena nenem me la ŋu Mawu Fofo la de dzesi!.


elabena menye eƒe dzi me wòyina ɖo o, hafi boŋ eƒe dɔ me wòyina ɖo, eye wòɖadena ɖe kpɔxa, le esia me nuɖuɖuawo katã ŋuti kɔna lena o mahã?


Woawoe nye nusiwo ƒoa ɖi ame; ke ne woɖu nu asi maklɔmaklɔe la, eya meƒoa ɖi ame o.


Ke amesiwo nye Kristo tɔ la, woklã woƒe ŋutilã kple woƒe nudzodzro wuamenu wo kpakple ŋubiabiãwo de atitsoga ŋu.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite