Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




1 Korintotɔwo 5:5 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

5 bene miatsɔ ame ma ade asi na Satana, bene wòagblẽ eƒe ŋutilã, ne woaxɔ eƒe gbɔgbɔ le Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe ŋkeke la dzi.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

5 Minya ame sia tsɔ de asi na Satana be wòahe to nɛ vie le ŋutilã me, ale be to esia me la, ɖewohĩ eƒe luʋɔ akpɔ ɖeɖe ne Aƒetɔ Yesu gatrɔ va.

Gade chapit la Kopi




1 Korintotɔwo 5:5
23 Referans Kwoze  

amesiwo dome Himenaio kple Aleksandro wole, amesiwo metsɔ de asi na Satana, bene wòahe to na wo, be woadzudzɔ busunyagbɔgblɔ.


Tete Yehowa gblɔ na Satana bena: Kpa ɖa, ele asiwò me, ɖeko kpɔ eƒe agbe ta!


Eyata esi nyemele mia gbɔ o ŋuti la, meŋlɔ esiawo bena, ne mele mia gbɔ la, nyemagahe nya sesẽ le ŋusẽ, si Aƒetɔ la nam hena ame ƒe ŋgɔgbedede, eye menye eƒe gbegblẽ o la nu o.


eye mienɔa dzadzraɖoɖi hã, bena ne miaƒe toɖoɖo ade blibo la, míatu fe vɔ̃ le tosesẽ sia tosesẽ ŋuti.


Ke ne wodrɔ̃ ʋɔnu mi la, Aƒetɔ la hea to na mi, bene womagabu fɔ mi kple xexeame zi ɖeka o.


Ke amesiwo le egodo la, Mawu adrɔ̃ ʋɔnu woawo. Miɖe ame vɔ̃ɖi la ɖa le mia ŋuta mia dome!


amesi hã ali ke mi yiɖase nuwuwu la dzi, bene mianye ame maɖifɔwo le mía Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe ŋkeke la dzi.


be naʋu woƒe ŋkuwo, bena woatrɔ atso viviti me ava kekeli me, eye tso Satana ƒe ŋusẽ me ava Mawu gbɔ, bena woakpɔ nuvɔ̃wo ƒe keke kple domenyinyi le amesiwo ŋu wokɔ to dzinye xɔxɔse me la dome.


Ne amea ɖe kpɔ nɔvia wɔ nuvɔ̃, si mahe ame ayi ku me o la, neɖe kuku, eye wòana agbe amesiwo mewɔ nuvɔ̃, si ahe ame ayi ku me o. Nuvɔ̃a ɖe li, si ahe ame ayi ku me; nyemegblɔ be, woaɖe kuku ɖe eya ta o.


Eƒoe kple ati, eye nèɖe eƒe luʋɔ tso tsiẽƒe.


Da ame vɔ̃ɖi ɖe eŋu, eye Satana netsi tre ɖe eƒe nuɖusi me!


eye mialala, eye miadi Mawu ƒe ŋkeke la ƒe vava vevie, le esime woalólo dziƒo le dzo me, eye gɔmedzenuwo hã lalólo le dzoxɔxɔ gã me mahã?


Aƒetɔ la naɖi nɛ, be wòakpɔ nublanuikpɔkpɔ le Aƒetɔ la gbɔ le ŋkeke ma dzi; eye subɔsubɔdɔ geɖe, siwo wòwɔ le Efeso la, wò la ènyae petepete.


esia ke ŋuti meɖoa ŋu ɖo bena, amesi dze do nyui wɔwɔ gɔme le mia me la, eya ke awu enu vaseɖe Yesu Kristo ƒe ŋkeke la dzi,


Tete Yesu gblɔ ne bena: Te ɖa le gbɔnye, Satana! Elabena woŋlɔ ɖi bena: „Aƒetɔ, wò Mawu la, nade ta agu na, eye eya ɖeka ko nasubɔ.“


Ke Aƒetɔ la gblɔ bena: Simon, Simon, kpɔ ɖa, Satana le mia dim, bena yeagbɔ mi, abe alesi wogbɔa lu ene;


hekpe ɖe nyaɖeɖefia, siwo ƒo wo katã ta ŋuti la o. Eyata bena nyemagado ɖokuinye ɖe dzi o la, wode ŋu nye ŋutilã me, si nye Satana ƒe dɔla, bene wòaƒom kple ko, bene nyemagado ɖokuinye ɖe dzi o.


Ke ne nunɔla kpɔ bena, fu ɣiwo mele eɖzi o, eye eteƒe menyẽ ɖe me o, ke wòlé akpɔ la, ekema nunɔla la natui ɖe xɔ me ŋkeke adre.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite