Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




1 Korintotɔwo 5:13 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

13 Ke amesiwo le egodo la, Mawu adrɔ̃ ʋɔnu woawo. Miɖe ame vɔ̃ɖi la ɖa le mia ŋuta mia dome!

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

13 Mawu ŋutɔ koe adrɔ̃ ʋɔnu ame siwo mele kristoha la me o. “Ke ele be miawo ŋutɔ miakpɔ nya sia gbɔ, eye miaɖe ame sia ɖa le hamea me kokoko.”

Gade chapit la Kopi




1 Korintotɔwo 5:13
18 Referans Kwoze  

Ɖasefoawo natre asiɖeɖe eŋu, emegbe dukɔ blibo la nakpiti ɖe eŋu awui, eye naɖe vɔ̃ la ɖa le dowòme.


Midze Yehowa, mia Mawu yome, eye nuvɔ̃e, milé eƒe sewo me ɖe asi, eye miɖo to eƒe gbe, misubɔe, eye miku ɖe eŋu.


Emegbe dua me ŋutsuwo katã naƒu kpee wòaku. Ale naɖe vɔ̃ la ɖa le dowòme, eye Israel blibo la nasee, eye woavɔ̃.


Ke ne meɖo to woawo hã o la, yi ɖagblɔe na hame la, eye ne meɖo to hame la hã o la, na ne wòano na wò abe trɔ̃subɔla kple nudzɔla ene.


ekema woakplɔ wo kple eve la ayi dua godo, eye woaƒu kpe wo woaku; woawu nyɔnuvi la, elabena du mee wòlée le, gake medo ɣlio; woawu ŋutsu la, elabena egblẽ nɔvia srɔ̃. Ale naɖe vɔ̃ la ɖa le dowòme.


Ke ne amea ɖe sẽ to ɖe nunɔla, si le Yehowa, wò Mawu, subɔm le afima, kple ʋɔnudrɔ̃la ŋu, eye meɖo to wo o la, ekema woawu ame la; eye woaɖe vɔ̃ la ɖa le Israel dome,


bene miatsɔ ame ma ade asi na Satana, bene wòagblẽ eƒe ŋutilã, ne woaxɔ eƒe gbɔgbɔ le Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe ŋkeke la dzi.


ale Aƒetɔ la nya alesi wòaɖe mawumemewo atso tetekpɔwo me, eye wòadzra ame madzɔmadzɔwo ɖo hena ʋɔnudrɔ̃gbe, bene woatu fe vɔ̃ na wo;


Eyata mitsɔ amɔwɔ ʋaʋã xoxo la ƒu gbe, bene mianye amɔwɔ yeye, abe alesi míenye amɔwɔ maʋamaʋã ene; elabena wowu míaƒe ŋutitotolẽvi, si nye Kristo la hã.


Wose mia ŋkɔ keŋ bena, ahasiwɔwɔ le mia dome, eye ahasiwɔwɔ ma tɔgbe mele trɔ̃subɔlawo dome hã o bena, amea ɖe xɔ fofoa srɔ̃.


le ŋkeke, si dzi Mawu adrɔ̃ ʋɔnu amewo ƒe nu ɣaɣlawo le nye nyanyuie la nu to Yesu Kristo dzi la dzi.


Bubu nanɔ srɔ̃ɖeɖe me le amewo katã dome, eye womagaƒo ɖi srɔ̃ɖeba la o; elabena ahasiwɔlawo kple matrewɔlawo la, Mawu adrɔ̃ ʋɔnu wo.


elabena eɖo ŋkeke, si dzi wòle ʋɔnu drɔ̃ ge xexeame godoo le dzɔdzɔenyenye nu to ŋutsua ɖe, si woɖo la dzi; eye wòle xɔse dom ɖe amewo katã, le esi wòfɔe ɖe tsitre tso ame kukuwo dome la ŋuti.


Nunya nyo wu aʋawɔnuwo; ke nuvɔ̃wɔla ɖe ka gblẽa nu nyui geɖe dome.


Dziƒowo ɖe gbe ƒã eƒe dzɔdzɔenyenye, elabena Mawu enye ʋɔnudrɔ̃la.


Eyata miɖe Gibeatɔ vloawo na, ne miawui wo, eye miaɖe vɔ la ɖa tso Israel! Ke Benyamin-viwo meɖo to wo nɔvi Israel-viwo ƒe gbe o.


Eye miawo la mieɖo mia ɖokui ɖe dzi, eye miefa konyi boŋ, bene woaɖe amesi wɔ nusia la ɖa le mia dome o mahã?


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite