Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




1 Korintotɔwo 5:11 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

11 Eyata azɔ la meŋlɔ na mi bena, miagade ha kple amea ɖe, si ne woyɔnɛ be nɔvi, wònye ahasiwɔla alo ŋubiãla alo trɔ̃subɔla alo busubɔla alo ahamula alo adzodala la o, migaɖu nu kple nenem me sia hã o.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

11 Nu si mewɔnɛ lae nye be migade ha kple ame siwo le wo ɖokuiwo yɔm be kristotɔwo, gake woganye ahasiwɔlawo, ŋubiãlawo, amebalawo, legbasubɔlawo, ahanomunɔwo kple dzrewɔlawo o. Migaɖu nu kple ame siawo ƒomevi gɔ̃ hã o.

Gade chapit la Kopi




1 Korintotɔwo 5:11
47 Referans Kwoze  

Ke mele nu xlɔ̃m mi, nɔviwo, bena mialé ŋku ɖe amesiwo wɔa mamãwo kple nuɖiaɖiawo ɖe nufiafia, si miesrɔ̃ ŋu la ŋuti, eye milé mia ɖokui ɖa tso wo gbɔ.


Ke ne amea ɖe meɖo to miaƒe nya, si le agbalẽ sia me o la, miɖe dzesi eyama, eye migade ha kplii o, bene ŋu nakpee.


Ke miele se dem na mi, nɔviwo, le mía Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe ŋkɔ la dzi bena, miahe mia ɖokui ɖa tso nɔvi sia nɔvi, si zɔna sakasaka, eye menye le nuɖoanyi, si wòxɔ le mía si la nu o la gbɔ.


Ke ne meɖo to woawo hã o la, yi ɖagblɔe na hame la, eye ne meɖo to hame la hã o la, na ne wòano na wò abe trɔ̃subɔla kple nudzɔla ene.


Ke amesiwo le egodo la, Mawu adrɔ̃ ʋɔnu woawo. Miɖe ame vɔ̃ɖi la ɖa le mia ŋuta mia dome!


Ne amea ɖe va mia gbɔ, eye mehe nufiafia sia ɖe asi vɛ o la, migaxɔe ete aƒea me o, eye migado ɖoa ƒe hã ne o:


Ke avũwo kple afakalawo kple matrewɔlawo kple hlɔ̃dolawo kple trɔ̃subɔlawo kpakple amesiame, si lɔ̃a aʋatsokaka, eye wòkanɛ la, woatsi agbo la godo.


Ke vɔvɔ̃nɔtɔwo kple dzimaxɔsetɔwo kple fewɔlawo kple hlɔ̃dolawo kple matrewɔlawo kple afakalawo kple trɔ̃subɔlawo kple aʋatsokalawo katã la woakpɔ wo tɔ gome le ta, si le bibim kple dzo kpakple dzokpe la me Esia enye ku evelia.


menye ahatsunola o, menye ameƒola o, ke ame fatu; menye gedila o, menye galɔ̃la o,


Baba na mi, agbalẽfialawo kple farisitɔwo, alakpatɔwo, elabena mieklɔa kplu kple agba ŋuti, ke wo me yɔ fũ kple adzodada kple aɖifuɖiɖuɖu.


Gake la mekpɔ nusia le ŋutiwò bena, neɖe mɔ na nyɔnu Isabel, si yɔ eɖokui bena nyagblɔɖila, eye wòfiã nu nye dɔlawo heble wo, bene woawɔ ahasi, eye woaɖu nusiwo wosa vɔ na trɔ̃wo.


Elabena mi amesiwo nye sidzelawo, mienyae bena, ahasiwɔla alo ame makɔmakɔ alo ŋuklẽla, si so kple trɔ̃subɔla la, domenyinyia ɖeke meli na wo dometɔa ɖeke le Kristo kple Mawu ƒe fiaɖuƒe la me o.


Ke mikpɔ mia ɖokui dzi nyuie, bena nutsuɖuɖu kple ahamumu kple dzimaɖitsitsi ɖe nuɖuɖu ŋu nagate miaƒe dzi ɖe to o, eye ŋkeke ma nagalili mi abe mɔ̃ ene o;


kple fiafitɔwo kple ŋubiãlawo kple ahamulawo kple busubɔlawo kple adzodalawo la womanyi mawufiaɖuƒe la ƒe dome o.


Woxɔa zãnu le mewo, ne wòakɔ ʋu ɖi, eɖia kasa, eye nexɔa deme, ẽɖua sesẽnu le nɔviwò si, eye wò ŋku dzona le dzinye. Aƒetɔ Yehowa ye gblɔe.


Eyata miwu mia ŋutinu, siwo le anyigba dzi; ahasiwɔwɔ, makɔmakɔnyenye, fiẽŋufiẽŋui, nudzodzro vɔ̃ kple ŋukeklẽ, si nye trɔ̃subɔsubɔ;


Eye nɔvi, si gbɔdzɔ, amesi ta Kristo ku ɖo la, atsrɔ̃ le wò sidzedze la ŋuti.


Ke nɔvi hea nɔvi yia ʋɔnu boŋ, eye wòwɔa esia le dzimaxɔsetɔwo ŋku me.


Minɛ míazɔ nyuie, abe alesi dze le ŋkeke me ene, menye le aglotutuwo kple ahamumuwo, menye le ahasi wɔwɔwo kple hadzedzewo, menye le dzrewɔwɔ kple ŋuʋaʋã me o;


Amesi lia ehavi ŋu le adza me la, matsrɔ̃e ɖa; amesi dadaŋku le ta nɛ, eye eƒe dzi vu gbloto la, mia kplii ƒe ŋɔlime meƒo go o.


Elabena ame vɔ̃ɖi tsoa eƒe dzimedidiwo ƒoa adegbee, eye ŋubiala ɖea Yehowa ɖe aga heɖea alɔme le eŋu.


Gake la mekpɔ nu via ɖewo le ŋutiwò; elabena amesiwo lé Bileam ƒe nufiafia me ɖe asi la, le gbɔwò le afima, amesi fia Balak bena, wòatsɔ nuɖianu aɖo Israel-viwo ŋku me, ne woaɖu nusiwo wosa vɔe na trɔ̃wo, eye woawɔ ahasi.


kple nyahehe dzodzro vɛ le ame tamegbegblẽtɔ, siwo si woha nyateƒe le amesiwo buna bena, mawusubɔsubɔ enye viɖenu la dome. Te ɖokuiwò ɖa le nenem me siawo gbɔ.


Eye migamu aha, esi me nu baɖabaɖa wɔwɔ le la o; ke boŋ Gbɔgbɔ la nayɔ mi fũ,


Elabena hafi amea ɖewo tso Yakobo gbɔ va la, eya kple trɔ̃subɔlawo dua nu; ke esi wova la, èhe eɖokui ɖe megbe, eye wòɖe eɖokui ɖa, elabena evɔ amesiwo tso aʋatsotsoa me la.


Elabena amesiame tsɔa ye ŋutɔ ƒe nuɖuɖu heɖuna gbã le nuaɖuƒe, ɖɔ nɔa amea ɖe wum, ke ame bubu mua aha.


Eyata, nye lɔlɔ̃tɔwo, misi le trɔ̃subɔsubɔ la nu!


Ke ne amesi mexɔ se o la, gbe srɔ̃a la, negbee faa! Nɔviŋutsu alo nɔvi nyɔnu la menye kluvi le nya siawo ƒomevi me o. Ke Mawu yɔ mí le ŋutifafa me.


Ke ame mamlewo la, nyee le egblɔm na wo — menye Aƒetɔ lae o — bena, ne nyɔnu, si mexɔ se o la, le nɔvia ɖe si, eye wòdze nyɔnua ŋu bena, yeana egbɔ la, negagbee o.


Tete Anania ta dzi yi, eye wòva aƒea me, eye wòda eƒe asiwò ɖe edzi gblɔ bena; Nɔvi Saul, Aƒetɔ la, Yesu, si ɖe eɖokui fia wò le mɔ dzi, esi nègbɔna la, dom ɖa, be nagakpɔ nu, eye ne Gbɔgbɔ kɔkɔe la nayɔ wò fũ.


Farisitɔ la le tsitrenu, eye wòdo gbe ɖa ɖe ta me be: Mawu, meda akpe na wò bena, nyemele abe ame bubuawo, adzodalawo, ame madzɔmadzɔwo, ahasiwɔlawo, alo abe nudzɔla sia hã ene o.


Eye le ŋkeke siawo me la Petro tsi tre ɖe nɔviawo titina (ameha, si ƒo ƒu la, nu anɔ alafa ɖeka kple blave), eye wògblɔ bena;


Alo mienyae bena, ame madzɔmadzɔwo manyi mawufiaɖuƒe la ƒe dome oa? Migana woable mi o: Ahasiwɔla wo kple trɔ̃subɔlawo kple matrewɔlawo kple hadzelawo kple ŋutsu, siwo dɔna kple ŋutsuwo,


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite