Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




1 Korintotɔwo 4:8 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

8 Míeɖi ƒo xoxo, míezu kesinɔtɔwo xoxo, miegblẽa mi ɖi ɖua fia; ɖe miaɖu fia gɔ̃, bene miawo hã míaɖu fia kpakpli mi la, ne anyo!

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

8 Nu sia nu su mia si xoxo! Miezu kesinɔtɔwo xoxo! Miezu fiawo xoxo míawo manɔmee. Ne ɖe mienye fiawo xoxo la, adzɔ dzi nam ŋutɔ be míawo hã míanye fiawo kpli mi.

Gade chapit la Kopi




1 Korintotɔwo 4:8
27 Referans Kwoze  

eye nèwɔ wo fiawo kple nunɔlawo na míaƒe Mawu, eye woaɖu fia le anyigba la dzi.


Elabena ne amea de bu bena, yenye nane, evɔ menye naneke o la, ye ŋutɔ ɖokui blem wòle.


Elabena ne míawo míegbɔdzɔ, eye miawo miesẽ ŋu la, miekpɔa dzidzɔ, eye esia ŋuti míele kuku ɖem ɖo le miaƒe blibodede ŋuti.


Miaƒe adegbeƒoƒo menyo o. Mienyae bena, amɔwɔ ʋaʋã via ɖe nana amɔwɔ blibo la katã ʋãna o mahã?


bena miezu kesinɔtɔwo le nusianu me le eyama me, le nufiafia katã kple sidzedze katã me,


Elabena to amenuveve, si wonam la me mele egblɔm na mia dome amesiame bena, negadi nu gã wu nusi dze ame be, woadi o; ke nedi ɖokuidziɖuɖu yome boŋ, amesiame abe alesi Mawu dzidze xɔse ƒe dzidzenu nɛ ene la.


Baba na mi, amesiwo ƒe ƒodo yɔ; elabena dɔ awu mi. Baba na mi amesiwo le nu kom azɔ la, elabena miafa konyi, eye miafa avi.


Amea ɖewo ɖoa kesinɔtɔ wo ɖokui, ke agaga hã mele wo si o; amea ɖewo ɖoa ame dahe wo ɖokui, ke nu hɔ ɖe wo si.


Elabena, ègblɔna be, yenye kesinɔtɔ, eye kesinɔnuwo le ye si, eye naneke mehiãa ye o, eye mènyae be, hiãtɔ kple nublanuitɔ kple ketɔ kple ŋkuagbãtɔ kpakple amamanɔla nènye o.


Eyaŋuti, nye lɔlɔ̃tɔwo, abe alesi mieɖoa to ɖaasi ene la, mitsɔ vɔvɔ̃ kple dzodzo nyanyanya wo mia ŋutɔwo miaƒe xɔxɔdɔ la; menye abe esime menɔ mia gbɔ ene la ɖeɖeko o, ke boŋ azɔ, esi nyemele mia gbɔ o la, miwɔe geɖe wu!


Ɖeko mizɔ, abe alesi wòdze na Kristo ƒe nyanyuie la ene, bena ne mava, eye makpɔ mi ɖa, alo ne nyemele mia gbɔ o, eye mase mia ŋkɔ la, bena miano tsitre le gbɔgbɔ ɖeka me, eye miatso luʋɔ ɖeka aʋli nyanyuie ƒe xɔse la ta hekpe ɖe mia nɔewo ŋuti;


Ɖe miado dzi atsa nye bometsitsi via ɖe; miado dzi atsɔe nam tso!


Ke amea ɖewo do wo ɖokui ɖe dzi, abe ɖe nyemegale mia gbɔ va ge o ene.


Ke Paulo gblɔ bena: Medi bena, Mawu nana be, ne esusɔ ʋee alo geɖe la, menye wò ɖeɖeko o, hafi boŋ amesiwo katã le to ɖomem egbe la, natrɔ zu esia tɔgbe abe nye ene, negbe babla siawo ko.


gblɔ bena: Neva me, Yehowa newɔ alea! Yehowa newɔ wò nya, si negblɔ ɖi la dzi, eye woahe Yehowa ƒe aƒe me miawo kple aboyomeawo katã tso Babel agbɔ va teƒe sia.


Baba na amesiwo bua wo ɖokui nunyalawoe, eye wonye nugɔmeselawo le woawo ŋutɔwo ŋku me.


Amesi doa nunana ŋugbe ƒuƒlu la, le abe tsie ɖo ya le ƒoƒom, gake tsi gbe dzadza ene.


Ke Mose ɖo ŋu nɛ bena: Wòe le ŋu ʋã ge ɖe nunyea? Oo, Yehowa mana eƒe gbagba nava dukɔ blibo la dzi, eye wòatrɔ zu Yehowa ƒe nyagblɔɖilawo dzro oa?


Ke esi wòkpɔ ameha geɖe wo la, elia to la; eye esi wòbɔbɔ nɔ anyi la, eƒe nusrɔlawo te va egbɔ,


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite