Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




1 Korintotɔwo 4:20 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

20 Elabena menye nya mee mawufiaɖuƒe la le o, hafi ŋusẽ me boŋ wòle.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

20 Mawufiaɖuƒe la me nɔnɔ menye nukpoloeƒoƒo wònye o, ke boŋ enye agbenɔnɔ le Mawu ƒe ŋusẽ me.

Gade chapit la Kopi




1 Korintotɔwo 4:20
8 Referans Kwoze  

eye nye nyagbɔgblɔ kple nye gbeƒãɖeɖe mele nunya ƒe nya, siwo ƒoa nya ɖe ame nu la me o; ke boŋ le Gbɔgbɔ kple ŋusẽ ƒe ɖeɖefia la me,


elabena míaƒe nyanyuie la meva mia gbɔ le nya me ɖeɖeko o, ke boŋ le ŋusẽ kple Gbɔgbɔ kɔkɔe kpakple kakaɖedzikpɔkpɔ geɖe me hã, abe alesi mienya amesi ƒomeviwo míenye le mia dome le mia ta la ene.


Elabena mawufiaɖuƒe la menye nuɖuɖu kple nunono o, ke dzɔdzɔenyenye kple ŋutifafa kple dzidzɔ le Gbɔgbɔ kɔkɔe me boŋ ye.


Elabena nyanyuie la mekpea ŋu nam o, elabena enye Mawu ƒe ŋusẽ, si naa agbexɔxɔ amesiame, si xɔna sena la, Yudatɔwo gbã kple Helatɔwo hã.


le dzesiwo kple nukunuwo ƒe ŋusẽ me, le Gbɔgbɔ kɔkɔe ƒe ŋusẽ me, ale bena tso keke Yerusalem kple eƒe nutowo me godoo vaseɖe Iliriko ke meɖe gbe ƒã Kristo ƒe nyanyuie la le keŋ.


ke hena wo amesiwo woyɔ la, Yudatɔwo kple Helatɔwo siaa, mieɖea gbe ƒã Kristo, si nye Mawu ƒe ŋusẽ kple Mawu ƒe nunya la.


Elabena nenye be, maƒo adegbe via ɖe wu le míaƒe ŋusẽ, si Aƒetɔ la tso na mi, bene míado mi ɖe ŋgɔ, eye menye be, miagblẽ mi o la ŋuti la, ŋu mele kpe ye ge o,


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite