Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




1 Korintotɔwo 4:19 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

19 Ke ne Aƒetɔ la lɔ̃ la, mava mia gbɔ kpuie, eye nyemele, madze si amesiwo do wo ɖokui ɖe dzi la ƒe nyawo o, ke woƒe ŋusẽ boŋ.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

19 Ne Aƒetɔ la lɔ̃ la, mava mia gbɔ kpuie eye nyemegbɔna be mava nya nu siwo gblɔm dadala siawo le la ɖeɖe ko o, ke boŋ be manya afi si wokpɔ ŋusẽ hã tsoe hafi le nyawo gblɔm.

Gade chapit la Kopi




1 Korintotɔwo 4:19
18 Referans Kwoze  

ke boŋ eklã wo gblɔ bena: Alesialesi lawɔ la, ɖeko maɖu ŋkekenyuie, si gbɔna la, le Yerusalem; ne Mawu lɔ̃ la, magagbugbɔ ava mia gbɔ. Eye woɖo ʋu tso Efeso.


Eye esi wowu nusiawo nu vɔ la, Paulo ɖo le Gbɔgbɔ la me be, yeaɖato Makedonia kple Axaya ayi ɖe Yerusalem hegblɔ bena: Ne mede afima megbe la, maɖakpɔ Roma hã ɖa tsã.


Eye míawo esia, ne Mawu ɖe mo.


Ke nye la meyɔ Mawu, ne woanye ɖaseɖila na nye luʋɔ bena, esi mekpɔ miaƒe nublanui la ŋutie nyemeva Korinto haɖe o,


Ke ne ɖa le amea ɖe wum la, neɖu nu le aƒe me, bene miagava kpe ta hena ʋɔnudɔdrɔ̃ o. Ke ne meva la, maɖo nusiwo susɔ la.


Ke amea ɖewo do wo ɖokui ɖe dzi, abe ɖe nyemegale mia gbɔ va ge o ene.


Ke nunya gblɔm míele le amesiwo zu blibo la dome, ke menye xexe sia me nunya, alo xexe sia me dziɖula, siwo atsrɔ̃ la to o;


bene mava mia gbɔ kple dzidzɔ to Mawu ƒe lɔlɔ̃nu me, eye mia kple miawo míagbɔ ɖe eme.


Le esia teƒe la ele na mi be, miagblɔ bena: Ne Aƒetɔ lɔ̃ la, míanɔ agbe, eye míawo esi kple esi.


Ke ne metso Makedonia la, mava mia gbɔ, elabena mato Makedonia.


Ke mele didim bena, mi katã miatso gbegbɔgblɔwo aƒo nu; ke mele didim wu be, miagblɔ nya ɖi; elabena amesi gblɔa nya ɖi la, ewu amesi tsoa gbegbɔgblɔwo ƒoa nu la sa, negbe ɖeko wòaɖe egɔme, bene hame la nakpe ŋgɔgbedede.


Eye esi wòto afima nutowo me, eye wõxlɔ̃ nu wo kple nya geɖewo la, eva Hela-nyigba dzi.


Ke nɔviwò, nusiawo megblɔ heɖo mía kple Apolo ŋuti le mia ta, bene miasrɔ̃ nu le mía gbɔ, bena miagasusu awu nusi woŋlɔ ɖi la o, bena mia dome amea ɖeke nagado eɖokui ɖe dzi le ame ɖeka ta ɖe ame bubu ŋuti o.


Elabena nyemele didim bena, makpe mi fifi le mɔzɔzɔ me o; elabena mele mɔ kpɔm bena, ne Aƒetɔ la ɖe mɔ nam la, matsi mia gbɔ ʋee.


bene nyemagawɔ abe ɖe metso agbalẽwo do vɔvɔ̃ na mi ene o.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite