Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




1 Korintotɔwo 4:14 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

14 Menye ɖe meŋlɔ nusiawo, bene maɖo ŋukpe mi o, ke boŋ bene maxlɔ̃ nu mi abe nye lɔlɔ̃viwo ene.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

14 Menye ɖe mele nu siawo ŋlɔm ɖo ɖe mi be ŋu nakpe mi o, ke boŋ be maka mo na mi eye maɖo aɖaŋu na mi abe vinye lɔlɔ̃awo ene.

Gade chapit la Kopi




1 Korintotɔwo 4:14
19 Referans Kwoze  

eye mienyae hã bena, abe alesi fofo wɔna na viawo ene la, nenema ke míewɔ na mia dome amesiame: Míexlɔ̃ nu mi, eye miefa akɔ na mi,


Nyemekpɔ dzidzɔ gã wu esia be, mese bena, vinyewo zɔna le nyateƒe me o.


Ke nye la nyemewɔ nusiawo ƒe ɖeke ŋuti dɔ kpɔ o; eye nyemeŋlɔ nusiawo, bene woawɔ nenema nam o; elabena ne meku la, anyo nam awu esi amea ɖe naɖi gbɔ nye kafukafu.


Elabena ne vidzikpɔla akpe ewo le mia si le Kristo me hã la, fofo geɖe meli na mi o; elabena metsɔ nyanyuie la dzi mi le Kristo Yesu me.


Ke míele nu xlɔ̃m mi, nɔviwo: Migbe nya na nu baɖa wɔlawo, mifa akɔ na dzikatsoƒoetɔwo, mixɔ na gbɔdzɔgbɔdzɔtɔwo, migbɔ dzi ɖi na amewo katã.


amesi míawo míele gbe ƒã ɖem hele nu xlɔ̃m amesiame, eye míele nu fiam amesiame le nunya sia nunya me, bene miaɖo amesiame anyi blibo le Kristo me:


Fifia katã miele susum bena, míele mía ɖokui ta ʋlim le mia gbɔ. Míele nu ƒom le Mawu ƒe ŋku me le Kristo me; ke, lɔlɔ̃tɔwo, míele wo katã wɔm le miaƒe ŋgɔgbedede ta.


Nukaŋutie? Esi nyemelɔ̃a mi o taea? Mawue nyae!


Menye fɔbubu ŋuti mele esia gblɔm ɖo o; elabena megblɔe tsã be, miele míaƒe dziwo me, bene miaku kpli mí, eye mianɔ agbe kpli mí hã.


Mizu mo xexee tɔwo vavã, eye migawɔ nuvɔ̃ o! Elabena simadzemadze Mawu le amea ɖewo me; ŋukpedodo mi ta megblɔe ɖo.


Ŋukpedodo mi ta megblɔe ɖo! A, vavãe, nunyalaa ɖeke mele mia dome oa? Ɖeka hɔ̃ meli, si ate ŋu adrɔ̃ ʋɔnu le nɔviawo dome oa?


Eyata minɔ ŋudzɔ, eye miɖo ŋku edzi bena, le etɔ sɔŋ, zã kple keli, nyemedzudzɔ nuxɔxlɔ̃ mia dome amesiame kple aɖatsiwo o.


Ke ne èxlɔ̃ nu ame dzɔdzɔe la be, megawɔ nuvɔ̃ o, eye ame dzɔdzɔe la mewo nuvɔ̃ o, ke boŋ wòna woxlɔ̃ nui la, ekema atsi agbe; eye wò la eɖe wò agbe.


Eyata medɔ Timoteo, si nye vinye blɔtɔ kple nuteƒewɔla le Aƒetɔ me la, ɖo ɖe mia gbɔ; amesia aɖo ŋku nye mɔ, siwo le Kristo me, abe alesi mele nu fiam le ha sia ha me le afisiati ene la, dzi na mi.


Ke ne amea ɖe meɖo to miaƒe nya, si le agbalẽ sia me o la, miɖe dzesi eyama, eye migade ha kplii o, bene ŋu nakpee.


mele kuku dem na wò de vinye Onesimo, si medzi le nye bablawo me la ta,


Vinyewo, meŋlɔ nusiawo ɖo ɖe mi, bene miagawɔ nuvɔ̃ o. Eye ne amea ɖe wɔ nuvɔ̃ la, nyaxɔɖakɔla le mia si le Fofoa gbɔ, eyae nye Yesu Kristo, dzɔdzɔetɔ la.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite