Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




1 Korintotɔwo 3:18 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

18 Amea ɖeke nagable eɖokui o: Ne mia dome amea ɖe bu eɖokui nunyala le xexe sia me la, nezu bometsila, bene wòazu nunyala.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

18 Mikpɔ nyuie be miaganɔ mia ɖokuiwo flum o. Ne mia dometɔ aɖe bu be yenyaa nu ŋutɔ le amewo ƒe nukpɔkpɔ nu la, ekema ele be wòawɔ eɖokui bometsilae hafi ate ŋu anye nunyala vavãtɔ tso dziƒo.

Gade chapit la Kopi




1 Korintotɔwo 3:18
29 Referans Kwoze  

Ɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu tso dzi blibo me, ke megaɖo dzi ɖe wò gɔmesese ŋu o.


Baba na amesiwo bua wo ɖokui nunyalawoe, eye wonye nugɔmeselawo le woawo ŋutɔwo ŋku me.


Elabena ne amea de bu bena, yenye nane, evɔ menye naneke o la, ye ŋutɔ ɖokui blem wòle.


Ke mizu nyadziwɔlawo, eye menye nyasela, siwo blea wo ɖokui ɖeɖeko o!


Vavã mele egblɔm na mi bena: Amesi ke mexɔ mawufiaɖuƒe la abe ɖevi ene o la, mele eme yi ge o.


Eyaŋuti amesi ke bɔbɔ eɖokui ɖe anyi abe nenem ɖevi sia ene la, eyae ƒo ta le dziƒofiaɖuƒe la me.


Vavã mele egblɔm na mi bena: Amesi ke mexɔ mawufiaɖuƒe la abe ɖevi ene o la, mele eme yi ge o.


Ne amea de bua eɖokui bena, mawusubɔla yenye, eye medea ga eƒe ade o, ke wòblea eƒe dzi la, nenem me sia ƒe subɔsubɔ enye dzodzro.


Elabena tsã la miawo hã míenye ame manyanuwo, tosẽlawo, mɔtrelawo, nu dzodzro kple dzidzɔkpɔkpɔ bubu ƒomevi geɖewo ƒe subɔlawo, vɔ̃ɖiwɔwɔ kple ŋuʋaʋã me nɔlawo, ame nyɔŋuwo kple amesiwo léa fu wo nɔewo.


Migana amea ɖeke natsɔ nya ƒuƒlu able mi o; elabena nusia ŋuti Mawu ƒe dziku la va vi sẽtowo dzi ɖo.


Alo mienyae bena, ame madzɔmadzɔwo manyi mawufiaɖuƒe la ƒe dome oa? Migana woable mi o: Ahasiwɔla wo kple trɔ̃subɔlawo kple matrewɔlawo kple hadzelawo kple ŋutsu, siwo dɔna kple ŋutsuwo,


Míenye bometsilawo le Kristo ŋuti, ke miawo la nunyalawo míenye le Kristo me; miawo la miegbɔdzɔna, ke miawo la miesẽa ŋu; wobua mi, ke miawo la woɖoa vlo mi.


Aleke miate ŋu ano gbɔgblɔm be, nunyalawo yewonye, eye Yehowa ƒe se la le yewo si me? Kpɔ ɖa, vavãe agbalẽnyalawo ƒe nuŋlɔnu trae wo aʋatsoe.


Ele ŋutsu, si le eɖokui bum nunyalae la kpɔma? Mɔkpɔkpɔ le bometsila ŋu wu eyama.


Meganye nunyala le ɖokuiwò ŋku me o, vɔ̃ Yehowa, eye natsri va;


Ne miegblɔ bena, nuvɔ̃ mele mia ŋu o la, ekema mía ŋutɔ mía ɖokui blem míele, eye nyateƒe mele mía me o.


Ke ame vɔ̃ɖiwo kple ameblelawo la woayi dzi vɔ̃ɖitɔe wu anɔ amewo blem, eye amewo able wo.


Migable mia dokui o; Mawu menana wòdoa hehe de eta o! Elabena nusi ke ame ƒãna la, esia ke wòaŋe.


Migana woable mi o! Habɔbɔ vɔ̃wo gblẽa nuwɔna nyuiwo.


Midi nu ɖeka ma ke hena mia nɔewo; màgaɖi nu kɔkɔwo yome o, hafi mibɔbɔ mia ɖokui na ame bɔbɔɖeanyiwo boŋ.


Amesi le dzofi yome la, dzi bleamee flui, maɖe eƒe agbe o, eye magblɔ na eɖokui o be: Ɖe menye aʋatsoe melé ɖe nuɖusi oa?


Elabena nɔvinyewo, nyemele didim bena, nenem nya ɣaɣla sia nanɔ manyamanya ɖe mi o, bene miagabu mia ɖokui aɖaŋudzelawo o bena, dzimesesẽ va Israel ƒe amea ɖewo dzi, halase esime trɔ̃subɔlawo ƒe dedeme blibo la nava yi ɖe eme,


Eye wògblɔ bena: Mikpɔ nyuie, bena woagaflu mi o! Elabena ame geɖewo lava le nye ŋkɔ la dzi agblɔ bena: Nyee nye esi, eye azãgbe la ɖo vɔ! Migadze wo yome o.


Eyata mi viwo, miɖo tom, eye migate ɖe aga le nye numenyawo ŋu o.


Yehowa be: Migano mia ɖokui ɖum anɔ gbɔgblɔm be: Kaldeatɔwo adzo le mía ŋu kokoko o; elabena womelé tutu ge adzo o.


Ke nusi wowu ɖe ŋuwo me la, eya nye amesi le nya la sem, eye tete xexeame ƒe agbagbadzedze kple kesinɔnuwo ƒe beble vu tsyo nya la dzi, eye wòtsi matsematse la.


Ne amea ɖe gblẽ mawuxɔ la, Mawu agblẽ eyama hã, elabena mawuxɔ la le kɔkɔe, eye esiae miawo la mienye.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite