Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




1 Korintotɔwo 3:17 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

17 Ne amea ɖe gblẽ mawuxɔ la, Mawu agblẽ eyama hã, elabena mawuxɔ la le kɔkɔe, eye esiae miawo la mienye.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

17 Ne ame aɖe ke atse do ŋunyɔ, eye wògblẽ Mawu ƒe aƒe sia la, Mawu hã atsrɔ̃ ame ma enumake, elabena Mawu ƒe aƒe la nye teƒe kɔkɔe si me ɖiƒoƒo aɖeke mele o eye miawo tututu nye aƒe sia.

Gade chapit la Kopi




1 Korintotɔwo 3:17
19 Referans Kwoze  

Se, si le aƒea ŋu la, enye si: Eya kple eŋu katã godoo le kɔkɔe le toa ta me. Esia nye se, si le aƒea ŋu.


Maɖe ko ɖa le wo ŋu, ne woagblẽ ko ɖo na nye nu vevi la, eye mana adzoblasuwo nage ɖe eme ahagblẽ ko ɖo ne.


Eyata ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Metà ɖokuinye ƒe agbe, esi netsɔ wò legbawo katã kple wò ŋunyɔnuwo katã gblẽ kɔ ɖo na nye kɔkɔeƒe ta la, ne magbe wò gbagbã gudugudu, nye ŋku akpɔ nublanui na wò, eye makpɔ tawo fi!


Ke ne amea ɖe ŋu mekɔ o, eye womeɖe nuvɔ̃ le eŋu o la, ekema woatsrɔ̃e ɖa le ha la dome, elabena edo ŋunye Yehowa ƒe kɔkɔeƒe la; womewu ameŋukɔtsi ɖe eŋu o, eyata eŋu mekɔ o.


Asaƒ ƒe ha. Mawu, dukɔwo nye zi de wò domenyinu dzi, wogblẽ kɔ ɖo na wò gbedoxɔ kɔkɔe la, eye wotsɔ Yerusalem wɔ anyiglãgoe.


Maɖe ŋku atɔ ame la, eye matsrɔ̃e ɖa le eƒe dukɔ la dome, elabena etsɔ via na Molex, bena wòado ŋunyɔ nye kɔkɔeƒe la, eye wòaƒo ɖi nye ŋkɔ kɔkɔe la.


Yehowa, ɖe àlé ɖokuiwò le nusiawo katã me, àzi kpi, eye nate mí ɖe anyi woatso mea?


Ale miaxlɔ̃ nu Israel-viwo le nu makɔmakɔwo ŋu, bena ne wo ŋu mekɔ o la, woagagblẽ kɔ ɖo na nye nɔƒe, si le wo dome la, eye woaku o.


Eye wògblɔ bena: Megale va afisia o, ɖe wò atokotawo le afɔ; elabena anyigba, si dzi nèle la, teƒe kɔkɔee!


Eye wòyɔ gblɔ bena: Ŋɔdziƒe ka enye si! Afi sia menye afia ɖeke o, negbe Mawu ƒe aƒe kple dziƒogbo ko wonye.


Mido Yehowa, mía Mawu la, ɖe dzi, eye mide ta agu ɖe eƒe to kɔkɔe la ŋgɔ, elabena Yehowa, mía Mawu la, le kɔkɔe!


Wò sewo le eme tututu; Yehowa, ŋutikɔkɔe dze wò aƒe la ɣeawiokatãɣ.


Eye esi wònye ɖe mekpɔ dzidzɔ le nye Mawu ƒe aƒea ŋu ta la, mena nye ŋutɔ nye sika kple klosalo, siwo metu ɖo la, ɖe nye Mawu ƒe aƒe la ŋu kpe ɖe nusiwo katã medzra ɖo ɖe kɔkɔeƒe ƒe xɔ la ŋuti la ŋu:


Eƒe nyagblɔɖilawonye toflokowo kple alakpatɔwo; eƒe nunɔlawo ɖo gu nu kɔkɔe la, eye woto vo ɖe se la ŋu.


De wò afɔ yi gli gbagbã ɖikaɖikawo gbɔ! Futɔ la gblẽ nuwo katã le kɔkɔeƒe la.


Ɖe mienyae bena, mawuxɔ míenye, eye Mawu ƒe Gbɔgbɔ la nɔa mia me oa?


Amea ɖeke nagable eɖokui o: Ne mia dome amea ɖe bu eɖokui nunyala le xexe sia me la, nezu bometsila, bene wòazu nunyala.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite