Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




1 Korintotɔwo 3:10 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

10 Mawu ƒe amenuveve, si wonam la, nu meɖo gome anyi abe xɔtula dzeaɖaŋu ene, ke ame bubu tui ɖe edzi. Gake amesiame nakpɔ nyuie, alesi wòatui ɖe edzi la.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

10 Le Mawu ƒe amenuveve si wònam ta la, meɖo gɔmeɖokpe abe xɔtula aɖaŋutɔ ene, eye ame bubu va le etum ɖe edzi. Ke ele na ame sia ame be wòakpɔ nyuie tso ale si wòtui la ŋuti.

Gade chapit la Kopi




1 Korintotɔwo 3:10
37 Referans Kwoze  

Elabena amea ɖeke mate ŋu aɖo gɔmeɖoɖo bubu anyi o, negbe esi woɖo anyi, si nye Yesu Kristo la ko.


amesiwo wotu ɖe apostolowo kple nyagblɔɖilawo ƒe gɔmeɖoɖo la dzi, afisi Yesu Kristo ŋutɔ nye dzogoedzikpe le,


Ke le esiawɔwɔwo me mebui bubunu be, magblɔ nyanyuie la atia, menye afisi woyɔ Kristo ƒe ŋkɔ le xoxo o, bene nyemagatu ɖe ame bubu ƒe gɔmeɖoɖoanyi dzi o,


Nunyalawo aklẽ abe dziŋgɔli ƒe keklẽ ene, eye amesiwo fia dzɔdzɔenyenye ƒe mɔ nu ame geɖewo la, abe dzinuviwo ene ɖaa tegbee.


Azɔ amekae nye dɔla nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela, si eƒe aƒetɔ la ɖo eƒe aƒemetɔwo nu, ne wòana nuɖuɖu wo le ɣeyiɣi nyui dzi mahã?


Eye wotsɔ kpe xɔasi bubu ƒomeviwo katã wɔ leke na dua ƒe gli la ƒe gɔmeɖoɖoawo. Gɔmeɖokpe gbãtɔ nye yaspis, evelia nye safir, etɔ̃lia nye xalkedon, enelia nye smaragd,


Ne nyemenye apostolo na ame bubuwo o hã la, menyee na mi; elabena miawoe nye nye apostolonyenye ƒe nutrenu le Aƒetɔ la me.


Eyaŋuti amesiame, si se nye nya siawo, eye wòwɔ wo dzi la, matsɔe aɖo ŋutsu nyanu, si tu eƒe xɔ ɖe kpe gbadza dzi la ŋuti;


Ne amea ɖe le nya gblɔm la, negblɔe abe mawunya ene; ne amea ɖe le subɔsubɔm la, netsɔ ŋusẽ, si Mawu tsɔ kee la subɔ, bene woakafu Mawu le nuwo katã me to Yesu Kristo dzi, amesi tɔ lanye ŋutikɔkɔe kple ŋusẽ tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me! Amen.


Do vevie be, natsɔ ɖokuiwò afia Mawu abe ame like kple dɔwɔla, si mehiã be, ŋu nakpee o, kpakple amesi ma nyateƒenya la me pɛpɛpɛ ene.


Eye migblɔ na Arxipo bena: Kpɔ subɔsubɔdɔ, si su asiwò le Aƒetɔ me la dzi, be nawu enu!


Elabena to amenuveve, si wonam la me mele egblɔm na mia dome amesiame bena, negadi nu gã wu nusi dze ame be, woadi o; ke nedi ɖokuidziɖuɖu yome boŋ, amesiame abe alesi Mawu dzidze xɔse ƒe dzidzenu nɛ ene la.


amesi me miekpɔ amenuveve kple apostolonyenye le na xɔse ƒe toɖoɖo le dukɔwo katã dome le eƒe ŋkɔ ŋuti,


Ke esi wòle didim be, yeayi Axaya la, nɔviawo de dzi ƒo nɛ, eye woŋlɔ agbalẽ na nusrɔ̃lawo be, woaxɔe. Eye esi wòva afima la, ekpe ɖe xɔsetɔwo ŋu geɖe to amenuveve me;


Eyaŋuti kpɔ nyuie, bena kekeli, si le mewò la, naganye viviti o.


Nyagblɔla sia la menye nunyala ko o, ke boŋ eda sidzedze dukɔ la, edo nu kpɔ, edi nu gɔme, eye wòdo lo geɖewo.


Nɔvinyewo, migazu nufialawo taŋtaŋ o, esi mienyae bena, ʋɔnudɔdrɔ̃ sesẽ wu kpɔ ge míala la ŋuti.


Kpɔ ɖokuiwò kple wò nufiafia la dzi nyuie, nɔ nusiawo dzi; elabena ne èwɔ esia la, àxɔ ɖokuiwò kple amesiwo ɖoa to wò la, ɖe agbe.


nusi ta hã medzea agbagba ɖo, eye metsina le eƒe ŋusesẽ, si sẽa ŋu ŋusẽtɔe le menye la nu.


Gake la metso dzideƒo geɖe wu ŋlɔ na mi le nya si kple nya si ŋuti, nɔvinyewo, abe ɖe magaɖo ŋku wo dzi na mi ene le amenuveve, si Mawu nam la ŋuti,


Eye wògblɔ bena: Mikpɔ nyuie, bena woagaflu mi o! Elabena ame geɖewo lava le nye ŋkɔ la dzi agblɔ bena: Nyee nye esi, eye azãgbe la ɖo vɔ! Migadze wo yome o.


Zerubabel ƒe asie ɖo xɔ sia gɔme anyi, eye eƒe asi kee awu enu, ne nadze sii be, Yehowa Zebaot ye ɖom ɖe mia gbɔ.


Eyata mele Xuram Abi ɖom ɖe wò, amesi nye aɖaŋutɔ, eye nunya le tagba ne;


Gɔmeɖoɖo wuieve li na dua ƒe gli la, eye Alẽvi la ƒe apostolo wuieveawo ƒe ŋkɔwo le wo ŋu.


Mieƒoa adegbe wògbɔa eme le ame bubuwo ƒe dɔwɔƒewo ŋu o; ke mɔkpɔkpɔ le mía si bena, ne miaƒe xɔse le tsitsim la, míatsi azu gã le mia dome le míaƒe dzidzeka la nu,


Nunya tu xɔ, eye wòkpa eƒe sɔti adreawo,


eye miedo Timoteo, mía nɔvi kple Mawu ƒe subɔla kple hadɔwɔla le Kristo ƒe nyanyuie me la ɖa, bene wòado ŋusẽ mi, eye wòaxlɔ̃ nu mi le miaƒe xɔse ŋuti,


eye mibu mía Aƒetɔ ƒe dzigbɔgbɔ blewu la bena, enye mia xɔxɔ, abe alesi mía nɔvi lɔlɔ̃tɔ Paulo hã ŋlɔ ɖo ɖe mi le eƒe nunya, si wonae la nu ene,


Eye aɖaŋutɔ, siwo katã le kɔkɔeƒe la ŋu dɔwo wɔm la, dome amesiame tso le eƒe dɔ, si wɔm wòle la gbɔ,


Ame ƒe nunya nue wokafunɛ ɖo, ke wodoa vlo amesi ƒe nya medzea to o.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite