Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




1 Korintotɔwo 2:6 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

6 Ke nunya gblɔm míele le amesiwo zu blibo la dome, ke menye xexe sia me nunya, alo xexe sia me dziɖula, siwo atsrɔ̃ la to o;

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

6 Ke ne mele kristotɔ siwo de ŋgɔ le gbɔgbɔ me la dome la, meƒoa nu na wo kple nunya tɔxɛ. Ke hã la, nyemewɔa xexe sia me nunya ŋu dɔ o, eye nyemegblɔa nya siwo ƒomevi asɔ to me na ame ŋkuta siwo le xexea me, ame siwo le tsɔtsrɔ̃ ge abe ale si Mawu ɖoe anyi ene o.

Gade chapit la Kopi




1 Korintotɔwo 2:6
36 Referans Kwoze  

Ke nuɖuɖu sesẽ li na amesiwo tsi zu blibo to ŋudɔwɔwɔ me kpɔ sidzenu, siwo nu ma wo, be wòabu nyui kple vɔ̃ me kpo la.


Nunya sia la menye dziƒo wòtso va o; ke anyigbadzitɔe, dzɔdzɔmetɔe, gbɔgbɔ vɔ̃ tɔe.


amesiwo dome xexe sia me mawu gbã ŋku na dzimaxɔsetɔwo ƒe tamesusu le la, bene Kristo, si nye Mawu ƒe nɔnɔme la, ƒe ŋutikɔkɔe nyanyuie la ƒe kekeli nagaklẽ na wo o.


Ke amenuveve katã ƒe Mawu, amesi yɔ mi va eƒe ŋutikɔkɔe mavɔ la gbɔ le Kristo Yesu me la, ŋutɔ awɔ mi amesiwo kpe fu via ɖe ko la blibo, ado ŋusẽ mi, ali ke mi, eye wòaɖo mía gɔme anyi.


si xexe sia me dziɖulawo dometɔa ɖeke medze sii o, elabena ɖe wodze sii la, anye ne womeklã ŋutikɔkɔe ƒe Aƒetɔ la ɖe atitsoga ŋu o.


eye xexe sia me nu maɖinuwo kple nusiwo woɖoa vlo kpakple nusiwo menye naneke o lae. Mawu tia, bene wòaɖi gbɔ nusiwo nye nane la,


Epafra, amesi tso mia dome, si nye Kristo ƒe dɔla la, ɖuɖɔ mi ƒã; eyae nye amesi nɔa mia ta ʋlim le gbedodoɖa me ɖaasi, bene mianɔ tsitre abe amesiwo le blibo, eye wokpɔ kakaɖedzi blibo le Mawu ƒe lɔlɔ̃nu katã ŋuti ene.


esiwo me miezɔna le tsã le xexe sia me ƒe ŋɔli le nu, le yameŋusẽ ƒe fia, si nye gbɔgbɔ, si le ŋu sẽm azɔ le vi sẽtowo me la nu —


Eyaŋuti miawo hã mizu blibo, sigbe alesi mia Fofo, si le dziƒo la, le blibo ene.


Elabena miaƒe adegbeƒoƒo enye esi: Míaƒe dzitsinya ƒe ɖase, si wòɖina bena, miezɔ le xexe sia me le Mawu ƒe dzimekɔkɔ kple dzi dzadzɛ me, eye menye ŋutilã ƒe nunya me o: ke le Mawu ƒe amenuveve me boŋ, vevietɔ le mia dome.


Yehowa tɔtɔ dukɔwo ƒe adaŋudede me, eye wògblẽ anyigba dzi dukɔwo ƒe tameɖoɖo me.


Etrɔa vlododo kɔna ɖe amegãwo dzi, eye wodoe agblɔ ŋusẽtɔwo ƒe alidziblanu me.


Eɖea aboyo nunɔlawo amamae, eye wòlãa amesiwo ƒo kè ɖe to la, ƒu anyi.


Ŋutsua ɖe nɔ Uz-nyigba dzi, si ŋkɔ nye Hiob. Ŋutsu sia nye ame maɖifɔ, ame dzɔdzɔe kple mawuvɔ̃la, eye wòtsri nu vɔ̃ɖi.


Elabena mí katã míeda vo le nu geɖewo me. Ne amea ɖe meda vo le nuƒoƒo me o la, eyae nye ame blibo, eye wòkpɔ ŋusẽ bena, wòaɖu ŋutilã blibo la katã hã dzi.


Mlɔeba la, nɔviwo, dzi nadzɔ mi, mizu blibo, mina woafa akɔ na mi, miaƒe tamesusu nanɔ ɖeka, mina anyi le ŋutifafa me, eye lolo kple ŋutifafa Mawu anɔ anyi kpli mi!


Nɔvinyewo, migazu viwo le nyasã me o, ke mizu vidzĩewo le nu tovo wɔwɔ me boŋ, ke nyasã me la mizu ame tsitsiwo.


Eye nusiawo miegblɔna hã, eye míetsɔa nya, siwo amewo ƒe nunya fia mi la o, hafi míetsɔa nya, siwo Gbɔgbɔ la fia mí la boŋ, eye míetsɔa gbɔgbɔmenuwo heɖoa gbɔgbɔmenuwo ŋuti.


Eye nye hã, esime meva mia gbɔ la, nɔviwo, nyemetsɔ nya gã gbɔgblɔ alo nunya gã va le Mawu ƒe ɖaseɖiɖi gblɔm le mia fiãm o.


Eye aƒetɔ la kafu xɔnuvi madzɔmadzɔ la, elabena ewo nu le aɖaŋu me. Elabena xexe sia me viwo dze adaŋu wu kekeliviwo hena woa ŋutɔwo ƒe dzidzimeviwo.


Yesu gblɔ nɛ bena: Ne èle didim be, yeazu blibo la, heyi ɖadzra nusiwo le asiwò la, ne natsɔ wo ana ame dahewo, ekema kesinɔnu anɔ dziƒo na wò, eye nava anɔ yonyeme.


Ke nusi wowu ɖe ŋuwo me la, eya nye amesi le nya la sem, eye tete xexeame ƒe agbagbadzedze kple kesinɔnuwo ƒe beble vu tsyo nya la dzi, eye wòtsi matsematse la.


eya, amesi na amegãwo zu nu maɖinui, eye anyigba dzi ʋɔnudrɔ̃lawo zu tofloko.


Lé ŋku ɖe eme maɖifɔ la ŋu, eye nakpɔ ame dzɔdzɔe la ɖa, elabena dzidzimeviwo le ŋutifafame la si.


Ne eƒe gbɔgbɔ nu tso la, egbugbɔna yia eƒe anyi gbɔ; gbemagbe eƒe tameɖoɖowo nu yina.


Eye nye hã, nɔviwo, nyemete ŋu ƒo nu kpli mi abe gbɔgbɔmemewo ene o, hafi abe ŋutilãmemewo ene, abe vidzĩewo le Kristo me ene.


Elabena woto Gbɔgbɔ la dzi tso nunya ƒe nya na amea ɖe, ame bubu la sidzedze ƒe nya le Gbɔgbɔ ma ke nu,


Ke ne wotsyɔ nu miaƒe nyanyuiea dzi la, ekema amesiwo tsrɔ̃ la ƒe ŋku me wotsyɔ nui le,


amesi míawo míele gbe ƒã ɖem hele nu xlɔ̃m amesiame, eye míele nu fiam amesiame le nunya sia nunya me, bene miaɖo amesiame anyi blibo le Kristo me:


Eyata mina miagblẽ Kristo ƒe nufiafia ƒe gɔmedzedze ɖi, eye míade ŋgɔgbe ate ɖe blibonyenye ŋuti, bene miagaɖo dzimetɔtrɔ tso dɔwɔwɔ kukuwo me kple Mawu dzixɔse


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite