Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




1 Korintotɔwo 2:10 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

10 Ke miawo la Mawu ɖee fia mi to eƒe Gbɔgbɔ la dzi; elabena Gbɔgbɔ la dzroa nuwo katã me kpɔna keke Mawu ƒe nu gogloawo me ke.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

10 Gake míawo ya míenya nu le nu siawo ŋu elabena Mawu ɖo eƒe Gbɔgbɔ ɖe mí be wòaɖe nu ɣaɣla siawo afia mí eye eƒe Gbɔgbɔ Kɔkɔe la dzroa nu sia nu me tsitotsito heɖea Mawu ƒe nu ɣaɣlawo katã fiaa mí.

Gade chapit la Kopi




1 Korintotɔwo 2:10
27 Referans Kwoze  

Ke nyaxɔɖakɔla, Gbɔgbɔ kɔkɔe, si Fofo la aɖo ɖa le nye ŋkɔa dzi la, eya afia nuwo katã mi, eye wòaɖo ŋku nusiwo katã megblɔ na mi la, dzi na mi.


si womèna amegbetɔviwo nya le ŋɔli bubuwo me o, abe alesi woɖee fia eƒe apostolowo kple nyagblɔɖila kɔkɔewo le Gbɔgbɔ la me azɔ la ene o,


Le gaƒoƒo ma ke dzi la etso aseye le Gbɔgbɔ kɔkɔe la me gblɔ bena: Fofo, dziƒo kple anyigba ƒe Aƒetɔ, mekafu wò, elabena ètsɔ nusiawo ɣla ɖe nunyalawo kple nugɔmeselawo, eye nèɖe wo fia vidzĩewo; ẽ, Fofo, elabena nenemae nyoa ŋuwò.


bena le nyaɖeɖefia nu wòna menya nya ɣaɣla la, abe alesi meŋlɔ na mi kpuie va yi la ene,


Elabena nye hã nyemexɔe tso ame si me, eye nyemesrɔ̃e hã o, ke boŋ mexɔe to Yesu Kristo ƒe nyaɖeɖefia me.


Ke Yesu ɖo eŋu gblɔ nɛ bena: Woayra wò, Simon, Bar-Yona! Elabena ŋutilã kple ʋu meɖe esia fia wò o, negbe Fofonye, si le dziƒowo la ko.


Eye wòxɔ edzi gblɔ na wo bena: Elabena miawo la, wona mi bena, mianya dziƒofiaɖuƒe la ƒe nu ɣaɣlawo, ke woawo la, womèna wo o.


Ke ne eya, si nye nyateƒegbɔgbɔ va la, akplɔ mi ayi ɖe nyateƒe blibo la katã me; elabena maƒo nu le ye ŋutɔ ɖokui si o; ke boŋ nusianu, si ke wòase la, eya wòagblɔ, eye wòagblɔ nusiwo gbɔna la, afia mi.


Eye wòɖee fia amesiawo bena, menye woa ŋutɔwo ɖokui wosubɔ o, ke boŋ miawo wosubɔ le nusiawo me, nusiwo wogblɔ fia mí azɔ to amesiwo gblɔ nyanyuie fia mi la dzi to Gbɔgbɔ kɔkɔe, si woɖo ɖa tso dziƒo la me, nusiwo me kpɔkpɔ dzro mawudɔlawo hã.


Eye miawo la, amisisiname, si miexɔ le egbɔ la, nɔa mia me, eye mehiã mi be, amea ɖeke nafia nu mi o, ke boŋ abe alesi amisisi ma ke fia nu mi le nuwo katã ŋuti ene la, nenema ke hã wònye nyateƒe, eye menye aʋatso o; eye abe alesi wofia mi ene la, minɔ eme nenema ke.


Elabena amewo dometɔ kae nya nusi le ame me, ne menye ame ƒe gbɔgbɔ, si le eme la koe oa? Nenema ke amea ɖeke menya nusi le Mawu me la o, negbe Mawu ƒe Gbɔgbɔ la ɖeɖekoe.


Elabena Yehowa mewɔa naneke, ne meɖe eƒe tameɖoɖo fia eƒe ɖɔla, nyagblɔɖilawo hafi o.


Ekloa nu le nusi ɣia nigbinigbi la dzi tso viviti me, eye wòhea blukɔ vaa kekeli nui.


Eye kɔkɔetɔ la si ami na mi, eye mienya nuwo katã.


Ke nenye be, woɖe nya fia ame bubu, si bɔbɔ nɔ anyi la, gbãtɔ la nazi ɖoɖoe.


Eye Gbɔgbɔ kɔkɔe la ɖee fiae bena, mele kuku ge, hafi akpɔ Aƒetɔ la ƒe Kristo o.


eɖea nusi me goglo, kple nu ɣaɣla fiana, enya nusi le viviti me, elabena kekeli le egbɔ.


Mite ɖe ŋunye, ne miasee; tso gɔmedzedzea me ke nyemeƒo nu le adza me o; mele eteƒe tso gbaɖegbe ke, esime wòva me. Azɔ Aƒetɔ Yehowa kple eƒe gbogbo la ɖom ɖa.


Yesu Kristo ƒe nyaɖeɖefia, si Mawu tsɔ nɛ, be wòafia nusiwo lava ve me kaba la, eƒe dɔlawo la, enye esi; eye wòto eƒe mawudɔla, si wòdɔ ɖa la, dzi heɖe wo me fia eƒe dɔla Yohanes,


Yehowa be: Nusi mebia kpli wò la, enye si: Nye gbɔgbɔ, si le dziwò, kple nye nya, si metsɔ de nuwo la, mate ɖa le nuwo me alo le viwòwo kple viwo wo ƒe viwo nu me o, tso fifia ɖaseɖe mava me, Yehowa ye gblɔe!


Ke Gbɔgbɔ la gblɔe kɔte bena, le ŋkeke mamleawo me la amea ɖewo ade megbe atso xɔse la me, eye woaɖo to beblegbɔgbɔwo kple gbɔgbɔ vɔ̃wo ƒe nufiafia


Ke mele gbɔgblɔm na mi ame mamletɔwo le Tiatira, amesiwo katã melé nufiafia sia me ɖe asi o, amesiwo menya Satana ƒe globoƒewo (abe alesi woyɔnɛ ene) o la: Nyemele agba bubua ɖeke da ge ɖe mia dzi o;


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite