Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




1 Korintotɔwo 16:7 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

7 Elabena nyemele didim bena, makpe mi fifi le mɔzɔzɔ me o; elabena mele mɔ kpɔm bena, ne Aƒetɔ la ɖe mɔ nam la, matsi mia gbɔ ʋee.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

7 Nyemegadi azɔ be makpɔ mi ɖa ɣeyiɣi kpui aɖe ko eye matso eme o. Medi be mava nɔ anyi sẽe ne Aƒetɔ la aɖe mɔ nam.

Gade chapit la Kopi




1 Korintotɔwo 16:7
8 Referans Kwoze  

ke boŋ eklã wo gblɔ bena: Alesialesi lawɔ la, ɖeko maɖu ŋkekenyuie, si gbɔna la, le Yerusalem; ne Mawu lɔ̃ la, magagbugbɔ ava mia gbɔ. Eye woɖo ʋu tso Efeso.


Le esia teƒe la ele na mi be, miagblɔ bena: Ne Aƒetɔ lɔ̃ la, míanɔ agbe, eye míawo esi kple esi.


Ke ne Aƒetɔ la lɔ̃ la, mava mia gbɔ kpuie, eye nyemele, madze si amesiwo do wo ɖokui ɖe dzi la ƒe nyawo o, ke woƒe ŋusẽ boŋ.


Eye dziɖoɖoɖeŋu sia ŋuti meɖo tame bena, mava mia gbɔ gbã, bene míakpɔ amenuveve evelia,


eye meɖea kuku le nye gbedodoɖawo me ɖaasi, abe ɖe wòadze edzi nam nyuie azɔ le Mawu ƒe lɔlɔ̃nu la nu bena, mava mia gbɔ gbaɖegbe mahĩ?


Yehowa, menyae be, amegbetɔ ƒe mo kple ŋutsu ƒe zɔzɔme la menye eya ŋuta si me wòle, ne eƒe azɔlime nato ma ɖeka o.


Tameɖoɖo geɖewo le amegbetɔ ƒe dzi me; ke Yehowa ƒe aɖaŋudede nɔa anyi.


Ke Yesu ɖo eŋu gblɔ nɛ bena: Na mɔ azɔ, elabena nenema koe dze mí bena, míawu nu dzɔdzɔewo katã nu. Tete wòɖe mo nɛ.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite