Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




1 Korintotɔwo 16:6 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

6 Ɖewo matsi mia gbɔ ʋee, alo ɖewo mana anyi, halase esime vuvɔŋɔli nu nayi mahĩ, bene miaɖom ɖa ayi afisiafi, si mayi ɖo la.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

6 Ate ŋu ava eme be manɔ miawo gbɔ wòadidi wu, ɖewohĩ le vuvɔŋɔli blibo la katã me, eye miado mɔm mayi teƒe bubu.

Gade chapit la Kopi




1 Korintotɔwo 16:6
11 Referans Kwoze  

Azɔ woawo la, esi hame la dɔ wo ɖa la, woto Foinike kple Samaria hele trɔ̃subɔlawo ƒe tɔtrɔŋutinya xlẽm fia. Eye wòzu dzidzɔ gã na nɔviawo katã.


gbesigbe ke madze mo ayi Spania la, mava mia gbɔ; elabena mele mɔ kpɔm bena, ne mele afima mɔ tom la, mava kpo mi ɖa, eye miaɖom ɖa ayi afima, ne mia kpɔkpɔ naɖi ko nam ʋee hafi.


Ne medɔ Artema alo Tixiko de gbɔwò la, do vevie be, nava gbɔnye le Nikopoli; elabena meɖoe bena, manɔ afima le vuvɔŋɔli.


eye bena mato mia gbɔ ayi Makedonia, eye magagbugbɔ tso Makedonia agava mia gbɔ, bena miaɖom ɖa mayi Yudea.


Eyata amea ɖeke magado vloe o! Ke miɖoe ɖa le ŋutifafa me boŋ, bene wòava gbɔnye, elabena mele eya kple nɔviawo lalam.


Eye le ɣleti etɔ̃ megbe la mieɖo Aleksandria-ʋua ɖe, si nɔ afima le vuvɔŋɔli me, eye eƒe dzesie nye Venɔviwo, eye mieho.


Eye esi ʋudzeƒe la menyo bena, woanɔ le vuvɔŋɔli ta o la, wo dome ame geɖeawo ɖo aɖaŋu bena, woaho tso afima hã, bena ɖewohĩ yewoate ŋu ade Foinike, si nye Kreta ƒe ʋudzeƒe, si le dzieheɣetoɖoƒe kple anyieheɣetoɖoƒe, be yewoanɔ afima le vuvɔŋɔlia me.


Eye wòva me bena, esi míewu ŋkekeawo nu vɔ la, miedzo, eye mieyi miaƒe mɔzɔzɔ la dzi, eye wo katã kple nyɔnuwo kpakple ɖeviwo ɖo mí ɖa, vaseɖe esime miedo go le dua me; eye míedze klo ɖe ƒuta hedo gbe ɖa;


hele nu xam, vevietɔ le nya, si wògblɔ bena, womegale yeƒe ŋku me kpɔ ge akpɔ o la ŋuti. Eye woɖoe ɖa vaseɖe ʋua me.


Ke amesiwo ɖo Paulo ɖa la, wokplɔe vaseɖe Atene; eye esi woxɔ se na Sila kple Timoteo bena, woava egbɔ kaba la, wotrɔ.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite