Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




1 Korintotɔwo 16:18 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

18 Elabena wona mia kple miaƒe gbɔgbɔ la gbɔ ɖe eme; eyata midze si nenem me siawo.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

18 Wodo dzidzɔ geɖe nam, eye wode dzi ƒo nam ŋutɔ. Meka ɖe edzi be nenema ke wowɔ na miawo hã. Mexɔe se be miekpɔ ŋudzedze le ame siawo kple ame bubu siwo le abe woawo ke ene la ƒe dɔwɔwɔ ŋu.

Gade chapit la Kopi




1 Korintotɔwo 16:18
14 Referans Kwoze  

Elabena, nɔvi, miekpɔ dzidzɔ geɖe kple akɔfafa le wò lɔlɔ̃ la ŋuti, le esi ame kɔkɔewo ƒe dziwo kpɔ gbɔɖeme to dziwò la ta.


Eyaŋuti wofa akɔ na mí; ke hekpe ɖe míaƒe akɔfafa sia ŋuti la miekpɔ dzidzɔ geɖe wu le Tito ƒe dzidzɔ la ŋuti, esi eƒe gbɔgbɔ kpɔ gbɔɖeme tso mi katã mia gbɔ la ŋuti.


Ke míele kuku ɖem na mi, nɔviwo: Midze si amesiwo wɔa dɔ vevi le mia dome, eye wonɔ mia nu le Aƒetɔ la me, eye woglɔ̃a nu mi la,


amesi meda ɖo ɖe mia gbɔ le esia ta, bene mianya alesi míele, eye wòafa aka na miaƒe dziwo;


bene mava mia gbɔ kple dzidzɔ to Mawu ƒe lɔlɔ̃nu me, eye mia kple miawo míagbɔ ɖe eme.


Nya nyui xɔxɔ tso duta le abe tsi fafɛ na amesi ƒe ve me ƒu la ene.


Alesi sno fa le nuŋeɣi la, nenema dɔla nuteƒewɔla le na amesi dɔe, eye wòfaa dzi na eƒe aƒetɔ.


Nyemekpɔ dzidzɔ gã wu esia be, mese bena, vinyewo zɔna le nyateƒe me o.


Ẽ, nɔvi, na nye la makpɔ viɖe tso gbɔwò le Aƒetɔ la me; na nye dzi nagbɔ ɖe eme le Kristo me!


Miɖo ŋku mia nunɔlawo, amesiwo gblɔ mawunya na mi la dzi, eye mikpɔ woƒe agbenɔnɔ ƒe nuwuwu la ɖa, ne miasrɔ̃ woƒe xɔse.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite