Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




1 Korintotɔwo 16:16 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

16 bena miawo hã miatso mia ɖokui ade nenem me siawo kpakple amesiame, si woa do kpli mi, eye wòdzea agbagba la te.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

16 Miwɔ nu siwo woaɖo na mi, eye miwɔ nu sia nu si miate ŋui la be miakpe ɖe wo kple ame bubu siwo katã tsɔ wo ɖokuiwo sa vɔe abe woawo ke ene, eye wowɔa dɔ sesĩe le mia dome la ŋu.

Gade chapit la Kopi




1 Korintotɔwo 16:16
20 Referans Kwoze  

Miɖo to mia nunɔlawo, eye midze wo yome; elabena wole mia luʋɔwo ŋu dzɔm, abe amesiwo lana akɔnta le wo ŋuti ene, bene woawo esia kple dzidzɔ, eye menye kple tseɖuɖu o; elabena esia menye viɖea ɖeke na mi o.


Ke míele kuku ɖem na mi, nɔviwo: Midze si amesiwo wɔa dɔ vevi le mia dome, eye wonɔ mia nu le Aƒetɔ la me, eye woglɔ̃a nu mi la,


Eyata ele na mí be, miaxɔ nenem me siawo, bene míazu woƒe hadɔwɔlawo na nyateƒe la.


eye nèɖo dzi, eye nèdze agbagba le nye ŋkɔa ŋuti, eye ɖeɖi metea ŋuwò o.


Nenema ke, mi ɖekakpuiwo, mibɔbɔ mia ɖokui ɖe ame tsitsiwo te; ke mi katã mibɔbɔ mia ɖokui ɖe mia nɔewo te, eye mitso ɖokuibɔbɔɖeanyi hetsyɔ; elabena Mawu tsia tre ɖe dadalawo ŋuti, ke evea ɖokuibɔbɔlawo nu.


Elabena Mawu menye madzɔmadzɔtɔ be, wòaŋlɔ miaƒe dɔwɔwɔ kple lalã, si mieɖe fia le eƒe ŋkɔ ta, le esime miesubɔ ame kɔkɔewo, eye miegale edzi le wo subɔm lã be o.


Hamemegã, siwo kpɔa ha la dzi nyuie la, edze be, woatsɔ bubu teƒe eve abu wo, vevietɔ amesiwo dze agbagba le nyagbɔgblɔ kple nufiafia me la.


Elabena, nɔviwo, mieɖo ŋku míaƒe agbagbadzedze kple kutrikuku dzi: Zã kple keli miewɔ dɔ, bena míagazu agba na mia dome amea ɖeke o, eye ale míegblɔ Mawu ƒe nya la fia mi.


eye ɖaa míeɖoa ŋku miaƒe xɔse ƒe dɔwɔwɔ kple lɔlɔ̃ ƒe agbagbadzedze kpakple mɔkpɔkpɔ na mía Aƒetɔ Yesu Kristo la ƒe dzidodo le Mawu, mía Fofo ƒe ŋku me la dzi.


Ẽ, mele kuku dem na wò hã, hanyedɔwɔla vevi, bena naxɔ na nyɔnu siawo; elabena wodze agbagba le nyanyuie la la hekpe ɖe mía kple Klemens kpakple hanyedɔwɔla susɔeawo, amesiwo, ŋkɔwo woŋlɔ ɖe agbegbalẽa me la ŋuti.


eye mibɔbɔ mia ɖokui na mia nɔewo le Kristo vovɔ̃ me.


Eye Mawu ɖo amea ɖewo le ha me: Gbãtɔ apostolowo, evelia nyagblɔɖilawo, etɔ̃lia nufialawo, emegbe la ŋusẽdɔwɔwɔwo, eya megbe la dɔyɔyɔ ƒe amenuvevenunanawo, kpeɖeŋutɔwo, dzikpɔlanyenyewo, gbegbɔgblɔ bubu ƒomeviwo.


Elabena Mawu ƒe hadɔwɔlawo míenye; Mawu ƒe agble kple Mawu ƒe xɔtutu miawo míenye.


Miɖuɖɔ Trifena kple Trifosa, siwo le agbagba dzem le Aƒetɔ me la, nam ƒã. Miɖuɖɔ Persis lɔlɔ̃tɔ, si dzea agbagba geɖe le Aƒetɔ me la, nam ƒã.


Miɖuɖɔ Urbano, si nye mía hadɔwɔla le Kristo me la, kple Staxis, nye lɔlɔ̃tɔ la, nam ƒã.


Miɖuɖɔ Maria, si dze agbagba geɖe le mia ŋuti la, nam ƒã.


Miɖuɖɔ Priskila kple Akwila, siwo nye hanyedɔwɔlawo le Kristo Yesu me la, nam ƒã;


Tete gbɔgbɔ la dze Amasai, si nye ame blaetɔ̃awo ƒe tatɔ la dzi wògblɔ bena: Dawid, tɔwò míenye; Isai vi, dziwò míele! Ŋutifafa, ŋutifafa enye tɔwò, eye ŋutifafa nye amesi xɔ na wò la ta, elabena Yehowa, wò Mawu la, xa na wò! Tete Dawid xɔ wo, eye wòtsɔ wo ɖo tatɔwo ɖe aʋakɔwo nu.


Viɖe ka emegbelɔ kpɔna tsoe eƒe agbagba, siwo katã wòdzena le ɣea te la mea?


Miɖuɖɔ mia nunɔlawo katã kple ame kɔkɔewo katã nam ƒã. Amesiwo tso Italia la, ɖuɖɔ mi ƒã.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite