Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




1 Korintotɔwo 16:15 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

15 Mele nu xlɔ̃m mi, nɔviwò — mienya Stefana ƒe aƒe la bena, eyae nye ŋgɔgbetɔ le Axaya, eye bena, woɖo wo ɖokui ame kɔkɔewo subɔlawo —

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

15 Mele nu xlɔ̃m mi, nɔviwo. Mieɖoa ŋku Stefano kple eƒe ƒomea dzia? Woawoe nye ame gbãtɔ siwo zu kristotɔwo le Akaya eye wole kpekpeɖeŋu geɖe nam kristotɔwo le afi sia afi.

Gade chapit la Kopi




1 Korintotɔwo 16:15
18 Referans Kwoze  

Ke mede mawutsi ta na Stefana ƒe aƒe la hã; emegbe la megade mawutsi ta na ame bubua ɖe mahĩ, nyemenyae o.


eye miɖuɖɔ hame, si le woƒe aƒe me la, nam ƒã. Miɖuɖɔ Epeneto, nye lɔlɔ̃tɔ, si nye kutsetse gbãtɔ na Kristo le Asia la, nam ƒã.


Misubɔ mia nɔewo le alesi amesiame xɔ amenuvevenunana la nu, abe Mawu ƒe amenuveve bubu ƒomevi geɖewo ƒe xɔnuvi nyuiwo ene.


Mele vevie nam bena, maŋlɔ nya na mi le subɔsubɔdɔ, si wotso subɔ ame kɔkɔewo la ŋuti hafi o.


Eye wotsɔ nuxɔxlɔ̃ geɖe ɖe kuku na mí be, yewoakpɔ gome le ame kɔkɔewo subɔsubɔdɔ ƒe amenuveve kple hadede me;


bene míaxɔe le Aƒetɔ me, alesi dze ame kɔkɔewoe la, eye miakpe ɖe eŋuti le dɔ sia dɔ, si me wòhiã mi le la me; elabena eya ŋutɔ hã nye kpeɖeŋutɔ na ame geɖe, eye na nye ŋutɔ hã.


Ke azɔ mele mo dze ge ayi Yerusalem, mele ame kɔkɔewo subɔ ge.


Mikpe ɖe ame kɔkɔewo ƒe hiãtuame ŋuti, minɔ amedzrowɔwɔ dzi!


Nenem me siawo nye amesiwo meƒo ɖi wo ɖokui kple nyɔnuwo o; elabena ɖetugbiwo wonye. Amesiawo dzea Alẽvi la yome yia afisiafi, si wòyina. Amesiawo la woƒle wo tso amewo dome, be woanye ŋgɔgbetɔwo na Mawu kple alẽvi la.


Elabena Mawu menye madzɔmadzɔtɔ be, wòaŋlɔ miaƒe dɔwɔwɔ kple lalã, si mieɖe fia le eƒe ŋkɔ ta, le esime miesubɔ ame kɔkɔewo, eye miegale edzi le wo subɔm lã be o.


Elabena, nɔvi, miekpɔ dzidzɔ geɖe kple akɔfafa le wò lɔlɔ̃ la ŋuti, le esi ame kɔkɔewo ƒe dziwo kpɔ gbɔɖeme to dziwò la ta.


amesi kpɔ ɖaseɖiɖi nyui le dɔwɔwɔ nyuiwo ŋuti; ne enyia viwo, ne ewɔa amedzro, ne eklɔa ame kɔkɔewo ƒe afɔ ŋuti, ne ekpena ɖe fukpelawo ŋuti, ne enɔa ɖo nyui sia do nyui wɔwɔ yome.


Mekpɔ dzidzɔ le Stefano, Fortunato kple Axaiko ƒe vava la ŋuti; elabena esi mieli kplim o la, amesiawoe xɔ ɖe mia teƒe.


bene woaɖem atso tosẽla, siwo le Yudea la si me, eye bena nye subɔsubɔdɔ, si mewɔ hena Yerusalem la, nadze ame kɔkɔewo ŋu nyuie,


Ke esi Galio nye du me dziɖula le Axaya la, Yudatɔwo tsɔ nu sɔsɔe tsi tre ɖe Paulo ŋuti, eye wokplɔe va ʋɔnudrɔ̃zikpui la ŋgɔ


Ke le nudzɔdzɔ na ame kɔkɔeawo ŋuti, alesi meɖoe na Galatia-hamewo la, nenema ke miawo hã miwɔ.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite