Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




1 Korintotɔwo 16:1 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

1 Ke le nudzɔdzɔ na ame kɔkɔeawo ŋuti, alesi meɖoe na Galatia-hamewo la, nenema ke miawo hã miwɔ.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

1 Azɔ la, se siwo le ga si dzɔm miele be yewoaɖo ɖe kristotɔ siwo le Yerusalem ŋu la woe nye esiawo. Se siawo ke mede na hame siwo le Galatia.

Gade chapit la Kopi




1 Korintotɔwo 16:1
20 Referans Kwoze  

Amesi ke xexemenuwo le esi, eye wòkpɔ nɔvia hiã tui, eye wosẽ dzime ɖee heku ŋɔe la, ekema aleke Mawu ƒe lɔlɔ̃ la nɔa emee mahã?


Mikpe ɖe ame kɔkɔewo ƒe hiãtuame ŋuti, minɔ amedzrowɔwɔ dzi!


negbe ɖeko bena miaƒe ŋkuwo nanɔ ame dahewo dzi; nusi kekeake nye hã medoa vevie wɔna.


Azɔ le ƒe geɖe megbe la meva be, matsɔ nunanawo na nye dukɔ la, eye masa vɔ.


Elabena, nɔvi, miekpɔ dzidzɔ geɖe kple akɔfafa le wò lɔlɔ̃ la ŋuti, le esi ame kɔkɔewo ƒe dziwo kpɔ gbɔɖeme to dziwò la ta.


esi mesena le wò lɔlɔ̃ kple nuteƒewɔwɔ, si le asiwò hena Aƒetɔ Yesu kple ame kɔkɔewo katã la ŋuti,


Elabena Mawu menye madzɔmadzɔtɔ be, wòaŋlɔ miaƒe dɔwɔwɔ kple lalã, si mieɖe fia le eƒe ŋkɔ ta, le esime miesubɔ ame kɔkɔewo, eye miegale edzi le wo subɔm lã be o.


Nusia wowɔ hã, eye wodoe ɖe amegãawo to Barnaba kple Saul si me.


Eye esi woto Frigia-kple Galatia-nutowo me yi la, Gbɔgbɔ kɔkɔe la xe mɔ na wo be, woagagblɔ nya la le Asia o;


kple nɔvi, siwo katã li kplim la, ŋlɔe ɖo ɖe Galatia-hamewo:


Esi wòna afima ʋee la, edzo yi ɖato Galatia- kple Frigia-nutowo me ɖekaɖeka hele ŋusẽ dom nusrɔ̃lawo katã.


Eye wo dometɔ ɖeka, si ŋkɔ nye Agabo la, tsi tre, eye wòfia dzesi to Gbɔgbɔ la dzi bena, dɔwuame gãa ɖe le xexe blibo la katã me va ge, esia va ve me le kaisaro Klaudio ŋɔli.


Eye wòna asii hekɔe ɖe dzi; eye esi wòyɔ ame kɔkɔeawo kple ahosiawo ve la, etsɔe ɖo woƒe ŋku me agbagbee.


Ke Anania xɔ edzi gblɔ bena: Aƒetɔ, mese le ame geɖewo nu le ŋutsu sia ŋuti, alesi wòwɔ vɔ̃ geɖe ɖe wò ame kɔkɔe, siwo le Yerusalem la ŋu;


Eyata medɔ Timoteo, si nye vinye blɔtɔ kple nuteƒewɔla le Aƒetɔ me la, ɖo ɖe mia gbɔ; amesia aɖo ŋku nye mɔ, siwo le Kristo me, abe alesi mele nu fiam le ha sia ha me le afisiati ene la, dzi na mi.


Ke ne ɖa le amea ɖe wum la, neɖu nu le aƒe me, bene miagava kpe ta hena ʋɔnudɔdrɔ̃ o. Ke ne meva la, maɖo nusiwo susɔ la.


Mele nu xlɔ̃m mi, nɔviwò — mienya Stefana ƒe aƒe la bena, eyae nye ŋgɔgbetɔ le Axaya, eye bena, woɖo wo ɖokui ame kɔkɔewo subɔlawo —


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite