Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




1 Korintotɔwo 15:8 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

8 Wo katã megbe la eɖe eɖokui fia nye hã abe fu gegee ene.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

8 Nyee nye ame mamlɛtɔ si kpɔe; nye ame si le abe vidzĩ si ƒe ŋkeke mede hafi wodzi o ene ɖe ame bubuawo katã yome abe ɖe wotsi megbe akpa hafi dzim na ekpɔkpɔ ene.

Gade chapit la Kopi




1 Korintotɔwo 15:8
10 Referans Kwoze  

Ɖe nyemenye apostolo oa? Ɖe nyemenye ɖokuisime oa? Ɖe nyemekpɔ Yesu Kristo, mía Aƒetɔ la oa? Menye miawoe nye nye dɔwɔwɔ le Aƒetɔ la me oa?


Gake la fɔ, eye natsi tre ɖe wò afɔwo dzi, elabena esia ta meɖe ɖokuinye fia wò ɖo, bena maɖo wò nanye dɔla kple ɖaseɖila le nusiwo nèkpɔ kple nusiwo magaɖe afia wò la ŋuti;


eye mekpɔe wòle gbɔgblɔm nam bena: Netsɔ, nado go tso Yerusalem kaba; elabena womaxɔ wò ɖaseɖiɖi, si naɖi le ŋutinye la o.


Ke Aƒetɔ la gblɔ na Paulo le ŋutega me le zã me bena: Megavɔ̃ o, hafi boŋ ƒo nu, eye megazi ɖoɖoe o;


Tete Anania ta dzi yi, eye wòva aƒea me, eye wòda eƒe asiwò ɖe edzi gblɔ bena; Nɔvi Saul, Aƒetɔ la, Yesu, si ɖe eɖokui fia wò le mɔ dzi, esi nègbɔna la, dom ɖa, be nagakpɔ nu, eye ne Gbɔgbɔ kɔkɔe la nayɔ wò fũ.


Eye wògblɔ bena: Mía fofowo ƒe Mawu la ɖo wò be, nanya eƒe lɔlɔ̃nu, nakpɔ dzɔdzɔetɔ la, eye nase eƒe numegbe;


Eye wòva me bena, esi mele mɔ dzi, eye mete tu Damasko, anɔ ɣeɖota la, kasia kekeli, si nu sẽ la, tso dziƒo klẽ ƒo xlãm.


Esia dzi mele heyi Damasko, eye ŋusẽ kpakple mɔnana le asinye tso nunɔlagãwo gbɔ.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite