Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




1 Korintotɔwo 15:51 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

51 Mikpɔ ɖa, mele nya ɣaɣla gblɔm na mi: Mí katã miele alɔ̃ dɔ ge o; gake woatrɔ mí katã míaƒe nɔnɔme,

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

51 Ke mele nya ɣaɣla wɔnuku sia gblɔm na mi: Mí katã míaku o, ke woana ŋutilã yeyewo mí katã.

Gade chapit la Kopi




1 Korintotɔwo 15:51
13 Referans Kwoze  

amesi aɖuɖɔ miaƒe bɔbɔɖeanyiŋutilã ƒe nɔnɔme, bene wòaɖi eƒe ŋutikɔkɔeŋutilã le eƒe ŋusesẽ, si ta wòlea ŋu tsɔa nuwo katã dea eɖokui te la nu.


Ke azɔ la Kristo tsi tre tso ame kukuwo dome, eye wòzu amesiwo dɔ alɔ̃ la dome ŋgɔgbetɔ.


esi wòna míenya eƒe lɔlɔ̃nu ƒe nya ɣaɣla la le eƒe ŋudzedze, si wòɖo ɖi le eɖokui me la nu


Ale ame nabu mí enye esi: Abe Kristo ƒe dɔlawo kple Mawu ƒe nya ɣaɣlawo ƒe xɔnuviwo ene.


Eya megbe la eɖe eɖokui fia nɔvi, siwo wu ame alafa atɔ̃ la zi ɖeka, amesiwo dome geɖeawo le agbe vaseɖe fifi, ke amea ɖewo hã ɖɔ alɔ̃.


ke boŋ míegblɔa Mawu ƒe nunya, si le ɣaɣla la, le nya ɣaɣla me, nunya, si Mawu ɖo anyi, hafi woɖo xexeme gome anyi hena miaƒe ŋutikɔkɔe la,


Nya ɣaɣla sia lolo, ke nye la mele egblɔm le Kristo kple hame la ŋuti.


bena le nyaɖeɖefia nu wòna menya nya ɣaɣla la, abe alesi meŋlɔ na mi kpuie va yi la ene,


Ekema amesiwo dɔ alɔ̃ le Kristo me la, hã tsrɔ̃.


Eye nenye ɖe nyagbɔgblɔɖi le asinye, eye menya nya ɣaɣlawo katã kple sidzedze katã, eye nenye ɖe xɔse katã le asinye, ale bena mate ŋu aɖe towo ɖa, ke lolo mele asinye o la, anye ne nyemenye naneke o.


Elabena esia me mieŋena le hã, eye wòle mía dzrom bena, woatsɔ mía nɔƒe, si tso dziƒo la, ado na mí;


Elabena mí amesiwo le agbadɔ me la, mieŋena, esi agba le mía kpem la ŋuti; elabena míele didim bena, woaɖe awu le mia ŋu o, ke boŋ bena, woaɖo awu na mi, bena agbe la nami nusi kuna la.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite