Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




1 Korintotɔwo 15:15 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

15 Ke woakpɔ mi abe Mawu ƒe aʋatsoɖaseɖilawo hã ene, elabena míeɖi ɖase ɖe Mawu ŋuti bena, efɔ Kristo ɖe tsitre, amesi mefɔ ɖe tsitre hafi o, nenye be, ele me vavã bena, womefɔ ame kukuwo ɖe tsitre o la.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

15 eye wogakpɔa mí hã abe Mawu ƒe aʋatsoɖaseɖilawo ene, elabena míegblɔ be Mawu fɔ Kristo tso yɔdo me.

Gade chapit la Kopi




1 Korintotɔwo 15:15
13 Referans Kwoze  

Eya ke Mawu fɔ ɖe tsitre, esi wòtsi ku ƒe vevewo nu, le esi mete ŋu lée ɖe anyi o la ta.


Ke ne ame kukuwo ƒe tsitretsitsia ɖeke meli o la, ekema Kristo hã metsi tre o.


Ke azɔ la Kristo tsi tre tso ame kukuwo dome, eye wòzu amesiwo dɔ alɔ̃ la dome ŋgɔgbetɔ.


Eye apostolowo ɖi ɖase kple ŋusẽ gã le Aƒetɔ Yesu ƒe tsitretsitsi la ŋuti, eye amenuveve gã le wo katã dzi.


ekema mi katã kple Israel dukɔ blibo, la minyae bena, le Yesu Kristo, Nazaretetɔ, ƒe ŋkɔ dzie, amesi miawo mieklã ɖe ati ŋuti, amesi Mawu to ɖe tsitre tso ame kukuwo dome la, le eya me amesia le, tsitre ɖe miaƒe ŋku me, eye eƒe lãme sẽ.


Nenem Yesu sia la Mawu fɔe ɖe tsitre, nusia ŋuti mi katã míenye ɖaseɖilawo le.


Megaɖe ami ɖe ame dahe ƒe nya o.


hele dzimetɔtrɔ yi Mawu gbɔ kple mia Aƒetɔ Yesu Kristo dzixɔxɔse ŋuti ɖase ɖim na Yudatɔwo kple Helatɔwo siaa.


Elabena ɖe womefɔa ame kukuwo ɖe tsitre o la, anye ne Kristo hã metsi tre o.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite