Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




1 Korintotɔwo 15:10 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

10 Ke Mawu ƒe amenuveve la ŋuti mezu nusi menye, eye eƒe amenuveve, si wotsɔ ve nunye la, menye dzodzro o, elabena medze agbagba geɖe wu wo katã; ke menye nyee o, hafi Mawu ƒe amenuveve, si le kpakplim la boŋ.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

10 Ke nu sia nu si menye fifia la tso Mawu ƒe dɔmenyo kple amenuveve si tɔgbi wòkɔ ɖe dzinye la gbɔ, eye menye dzodzroe o. Elabena mewɔ dɔ sesĩe wu apostolo bubuawo katã, evɔ le nyateƒe me la, menye nyee le ewɔm o, ke Mawue le ewɔm le menye, be yeayram.

Gade chapit la Kopi




1 Korintotɔwo 15:10
25 Referans Kwoze  

Metea ŋu wɔa nuwo katã le Kristo, amesi doa ŋusẽm la me.


Menye bena miede enu le mia ɖokui si, be miasusu nane abe mia ŋutɔwo mía ɖokui mee wòtso ene o; ke mía nudede la tso Mawu gbɔ boŋ,


Elabena Mawu enye amesi wɔa didi kple nuwɔwɔ siaa le mia me le eƒe ŋudzedze la ŋuti.


elabena amesi wɔ dɔ ŋusẽtɔe na Petro le aʋatsotso ƒe apostolonyenye me la, eya kee wɔ dɔ ŋusẽtɔe na nye hã le trɔ̃subɔlawo dome —


Elabena to amenuveve, si wonam la me mele egblɔm na mia dome amesiame bena, negadi nu gã wu nusi dze ame be, woadi o; ke nedi ɖokuidziɖuɖu yome boŋ, amesiame abe alesi Mawu dzidze xɔse ƒe dzidzenu nɛ ene la.


Mezu bometsila; gake miawoe zi dzinye. Elabena nye la miawoe lakafum hafi; elabena nyemetsi megbe le naneke me le apostolo, siwo ko akpa la ŋu o, wònye nyemenye naneke hafi o.


Esi míenye hadɔwɔlawo ŋuti la, míele nu xlɔ̃m mi hã bena, miagaxɔ Mawu ƒe amenuveve la dzodzro o.


Elabena ameka na nèto vovo ma? Eye nukae le asiwò, si mèxɔ oa? Ke ne wò hã nèxɔe la, nukaŋuti nèle adegbe ƒom abe menye ɖe nèxɔe ene oa?


si me woxɔ mi ɖe agbe le hã, ne mielée ɖe asi, abe alesi metsɔ nyanyuie la gblɔ fia mi ene la; anye ne miexɔ edzi se dzodzo.


Azɔ mele gbɔgblɔm be: Alo ɖe Mawu gbe eƒe dukɔ la mahã? Gbeɖe! Elabena nye hã Israeltɔ menye tso Abraham ƒome kple Benyamin-to la me.


Elabena menye miawoe nye amesiwo le nu ƒom o; ke boŋ mia Fofo ƒe Gbɔgbɔ lae nye amesi le nu ƒom le mia me?


Nye la medo nu, eye Apolo de tsii, ke Mawue nana wotsina nyuie.


Mawu ƒe amenuveve, si wonam la, nu meɖo gome anyi abe xɔtula dzeaɖaŋu ene, ke ame bubu tui ɖe edzi. Gake amesiame nakpɔ nyuie, alesi wòatui ɖe edzi la.


Azɔ la eɖanye nyee o, eɖanye ame kemewo o, nenema ke míeɖe gbe ƒã, eye nenema ke míexɔe se.


Ke míele kuku ɖem na mi, nɔviwo: Midze si amesiwo wɔa dɔ vevi le mia dome, eye wonɔ mia nu le Aƒetɔ la me, eye woglɔ̃a nu mi la,


Elabena esiaŋuti hã míedzea agbagba, eye míenana wodzua mi ɖo; elabena míetsɔ míaƒe mɔkpɔkpɔ ɖo Mawu gbagbe, si nye amewo katã xɔla, vevietɔ xɔsetɔwo tɔ la dzi.


Enumake amesi xɔ talento atɔ̃ la, yi ɖatrɔ le wo dzi, eye wòɖe vi talento atɔ̃ ɖe wo dzi.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite