Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




1 Korintotɔwo 14:6 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

6 Ke azɔ la, nɔviwò, nenye ɖe meva mia gbɔ tsɔ gbegbɔgblɔwo le nu ƒom la, viɖe ka wòanye na mi, ne menye ɖe maƒo nu na mi le nyaɖeɖefia me alo sidzedze me alo nyagbɔgblɔɖi me alo nufiafia me o mahã?

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

6 Nɔvi lɔlɔ̃awo, ne nye ŋutɔ mava aƒo nu na mi le gbe si mienya o me la, viɖe ka wòanye na mi? Ke ne magblɔ nu si Mawu ɖe fiam kple nu siwo menya kple nu siwo le eme va ge kple Mawu ƒe nya si nye nyateƒe la, nu siawoe miehiã eye woawoe akpe ɖe mia ŋu.

Gade chapit la Kopi




1 Korintotɔwo 14:6
32 Referans Kwoze  

bena mia Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe Mawu, si nye ŋutikɔkɔe Fofo la, nana nunya kple nyaɖeɖefia ƒe Gbɔgbɔ la mi le eƒe sidzedze la me,


Ŋɔŋlɔ sia ŋɔŋlɔ, si tso Mawu ƒe Gbɔgbɔ me la, enyo hã na nufiafia, na mokaka, na ɖɔɖɔɖo, na amehehe, si le dzɔdzɔenyenye me,


Ke woada akpe na Mawu bena, míenye nuvɔ̃ ƒe kluviwo tsã, ke azɔ la tso dzi me mieɖoa to nufiafia ƒe nɔnɔme, si wotsɔ mi de asi na la.


Miti lɔlɔ̃ yome; ke midi gbɔgbɔ me nuwo vevie: vevietɔ bena miagblɔ nya ɖi.


Amesiame, si da vo ɖe Kristo ƒe nufiafia ŋu, eye menɔa eme o la, Mawu mele esi o; eye amesi noa Kristo ƒe nufiafia me la, Fofo la kple Vi la le esi.


Ke boŋ mitsi le mia Aƒetɔ kple xɔla Yesu Kristo ƒe amenuveve kple sidzedze la me. Eya tɔ lanye ŋutikɔkɔe la tso azɔ yiɖase mavɔmavɔ ƒe ŋkeke la dzi! Amen.


Eye esia ŋuti ke mitsɔ veviedodo katã kpe ɖe eŋuti, eye miɖe amewɔwɔ fia le miaƒe xɔse me, eye le amewɔwɔ me la sidzedze,


Migana nufiafia bubu ƒomeviwo kple dzrotɔwo nahe mi ayii o; elabena enyo be, woatso amenuveve ali ke dzi la, eye menye nuɖuɖu, siwo menye viɖea ɖeke na amesiwo wɔ eŋuti ɖa o la, woatsa o.


Nyateƒenya wònye, eye mele ɖiɖim be, wò la naka ɖe nusiawo dzi, bena amesiwo xɔ Mawu dzi se la, nado vevie anɔ dɔ nyui wɔwɔwo dzi. Nusiawo nyo, eye wonye viɖenu na amewo.


Ɖe gbe ƒã nya la, nɔ edzi, vovoɣi li alo vovoɣi meli o, ka mo, gbe nya, xlɔ̃ nu le dzigbɔɖeanyi kple nufiafia katã me.


Ke wò la èdze nye nufiafia, nye agbenɔnɔ, nye tameɖoɖo, nye xɔse, nye dzigbɔgbɔ blewu, nye lɔlɔ̃, nye dzidodo,


Ɖo ŋu nusiawo na wo, eye naɖi ɖase na wo le Aƒetɔ la ŋku me, bene womagatsɔ nya awɔ dzre, si me viɖea ɖeke mele o la o, ke boŋ woblua nyaselawo ƒe tame.


Eyaŋuti ame alesi nu le blibo le mía dome la, minɛ míasusu esia ke, eye ne miesusua nu bubu le nane me la, Mawu aɖe esia ke hã afia mi.


le eya me, ne miele exlẽm la, míate ŋu adze si nye Kristo ƒe nya ɣaɣla la gɔmesese,


hekpe ɖe nyaɖeɖefia, siwo ƒo wo katã ta ŋuti la o. Eyata bena nyemagado ɖokuinye ɖe dzi o la, wode ŋu nye ŋutilã me, si nye Satana ƒe dɔla, bene wòaƒom kple ko, bene nyemagado ɖokuinye ɖe dzi o.


Ele be, maƒo adegbe; gake menye viɖe nam o; elabena mele Aƒetɔ la ƒe ŋutegawo kple nyaɖeɖefiawo gbɔ va ge.


Ke me menye ame manyanu le nuƒoƒo me hã la, nyemenyae le sidzedze me o, ke le nusianu me miedze ƒã le amewo katã dome le mia gome.


abe alesi nye hã mele ɖiɖim bena, madze amewo katã ŋu le nusianu me, eye nyemedia nusi nyo na nye ŋutɔ o, ke nusi nyo na ame geɖeawo boŋ, bene woakpe agbexɔxɔ la ene.


Ke mele nu xlɔ̃m mi, nɔviwo, bena mialé ŋku ɖe amesiwo wɔa mamãwo kple nuɖiaɖiawo ɖe nufiafia, si miesrɔ̃ ŋu la ŋuti, eye milé mia ɖokui ɖa tso wo gbɔ.


Ke nɔvinyewo, nye ŋutɔ meɖo ŋu ɖe mia ŋu keŋ bena, míenye amesiwo dɔmenyonyo yɔ fũ, eye sidzedze yɔ mi taŋtaŋ, bene miate ŋu axlɔ̃ nu mia nɔewo hã.


Eye wonɔ apostolowo ƒe nufiafia kple habɔbɔ, abolokaka kple gbedodoɖa me.


Ela bena viɖe ka wòanye na ame, ne xexeme blibo la katã zu etɔ, ke wòabu eƒe luʋɔ mahã? Alo nuka amegbetɔ atso ana agaxɔ eƒe luʋɔ mahã?


Ke Yesu ɖo eŋu gblɔ nɛ bena: Woayra wò, Simon, Bar-Yona! Elabena ŋutilã kple ʋu meɖe esia fia wò o, negbe Fofonye, si le dziƒowo la ko.


Le ɣemaɣi me la Yesu ɖo ŋu gblɔ bena: Fofo, dziƒo kple anyigba dzi Aƒetɔ, mekafu wò, elabena ètsɔ nusiawo ɣla ɖe nunyalawo kple nugɔmeselawo, eye nèɖe woawo fia vidzĩewo;


Kpɔ ɖa, ale Yehowa gblɔ esi: Mado ɖe amesiwo tsɔ alakpa drɔ̃ewo gblɔa nya ɖi, eye wolia wo la dzi, amesiwo tsɔa woƒe alakpadadawo kple adegbeƒoƒowo kplɔa nye dukɔ tranae, evɔ wònye nyemedɔ wo o, eye nyemeɖo wo ɖa o hafi; womenye viɖea ɖeke na nye dukɔ o, Yehowa ye gblɔe.


Yehowa, wòe nye míaƒe ŋusẽ, míaƒe mɔ̃ sesẽ kple míaƒe sitsoƒe le hiãɣi! Dukɔwo atso anyigba ƒe mlɔeanuwo ava gbɔwò agble bena: Alakpa ɖeɖe sɔŋ mía fofowo tso nyi domee, toflokowo wonye, eye womele ɖeke me o.


Migate ɖa, ne miadze nu dzodzro, siwo me viɖe mele o, eye womate ŋu aɖe mi o la yome o; elabena nu dzodzrowo wonye!


Nenema ke nu agbe manɔme, siwo ɖina, nenye dze alo saŋku, ne woƒe ɖiɖi meto vovo o la, aleke woadze si nusi wokuna alo nusi woƒona mahã?


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite