Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




1 Korintotɔwo 14:13 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

13 Eyata amesi tsoa gbegbɔgblɔ ƒoa nu la, nado gbe da, bene woade gɔme hã.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

13 Ne wona nunana ame aɖe be wòate ŋu agblɔ nya le gbe manyamanyawo me la, ele be wòado gbe ɖa be woana nunana ye be yeanya nu si yegblɔ, ale be yeate ŋu aɖe egɔme na amewo emegbe.

Gade chapit la Kopi




1 Korintotɔwo 14:13
11 Referans Kwoze  

Ã, wo katãe kpɔ dɔyɔyɔwo ƒe amenuvevenunanawoa? Ã, wo katãe gblɔa gbe bubu ƒomeviwoa? A, wo katãe ɖea nya gɔmea?


Eyaŋuti mele egblɔm na mí bena: Nusianu, si ke ta míado gbe ɖa le, eye míabia la, mixɔe se bena, asu mia si, eye ava ve me na mi.


ame bubu la nukudɔwɔwɔwo, ame bubu la nyagbɔgblɔɖi, ame bubu la gbɔgbɔwo dodokpɔ, ame bubu la gbegbɔgblɔ bubu ƒomeviwo, ame bubu la gbe bubu ƒomeviwo ƒe gɔmeɖeɖe;


esi amesiawo va la, woɖo gbe ɖa ɖe wo la, bena woaxɔ Gbɔgbɔ kɔkɔe la.


Amesiawo katã nɔ gbedodoɖa kpakple kukuɖeɖe dzi kple tame ɖeka kpe ɖe nyɔnuawo kple Maria, Yesu dada, kple eƒe nɔviŋutsuawo ŋuti.


Nenema ke miawo hã, esi míenye veviedolawo le gbɔgbɔwo ŋuti la, midi vevie bena, miagba go hena hame la ƒe ŋgɔgbedede.


Elabena ne metsɔa gbegbɔgblɔ doa gbe ɖa la, nye gbɔgbɔ la doa gbe ɖa, gake nye tamesusu metsea ku o.


Azɔ la alekee, nɔviwò? Ne mieva kpe ta la, hadzidzi kple nufiafia kple gbegbɔgblɔ kple nyaɖeɖefia kple gɔmeɖeɖe le mia dome amesiame si; woawo nuwo katã hena ŋgɔgbedede!


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite