Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




1 Korintotɔwo 13:9 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

9 Elabena mienyaa nu afã kple afã, eye miegblɔa nya ɖi afã kple afã.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

9 elabena míenya nu afã kple afã, eye míegblɔa nya ɖi afã kple afã,

Gade chapit la Kopi




1 Korintotɔwo 13:9
16 Referans Kwoze  

Elabena azɔ la míekpɔa nu le ahũhɔ̃e me le abebubu me, ke emegbe la ŋku me kple ŋku me; azɔ la medze si nu afã kple afã, ke emegbe la madze si nu keŋ, abe alesi wodze sim keŋ la ene.


Ne amea ɖe susu bena, yedze si nane la, ekema medze si alesi wòdze be, wòadze sii la haɖe o.


Ke abe alesi woŋlɔ ɖi ene bena: „Nusiwo ŋku mekpɔ kpɔ o, eye to mese kpɔ o, eye womeva ame ƒe dzi me kpo o la, nusiawo Mawu dzra ɖo na amesiwo lɔ̃nɛ la.“


Nunya sia nye nuku nam akpa, ekɔ, nyemate ŋn anya ta le enu o.


Fofonye tso nuwo katã de asi nam; eye amea ɖeke menya Vi la kpɔ o, negbe Fofo la ko; eye amea ɖeke menya Fofo la hã kpɔ o, negbe Vi la ko, kple amesi ke Vi la lɔ̃ bena, yeaɖee afiae.


Ameka lia yi dziƒo gaɖi va anyi? Ameka lɔ ya ɖe asiʋlo me? Ameka bla tsi ɖe avɔ me? Ameka ɖo anyigba ƒe mlɔenuwo katã tsitrenu? Eŋkɔ ɖe, eye aleke woyɔna na via? Enyaea?


Woayra ŋutsu, si tsɔ eƒe ŋuɖoɖo ɖo Yehowa dzi, eye metrɔ eɖokui ɖe ɖadzraɖalawo kple amesiwo ku ɖe aʋatsokaka ŋu la, ŋuti o.


Lɔlɔ̃tɔwo, azɔ la míenye mawuviwo, eye nusi ke míava trɔ zu la, meɖo haɖe o; ke mienyae bena, ne eva do la, míaɖi eyama: elabena míakpɔe alesi wòle.


nye amesi nye ame kɔkɔewo katã dome suetɔ la, wotsɔ amenuveve sia na, bene magblɔ Kristo ƒe kesinɔnu, si mele nyanya tsitsotsito o da afia le trɔ̃subɔlawo dome,


Elabena ameka nya Aƒetɔ la ƒe tamesusu, alo ameka zu eƒe adaŋudela kpɔ mahã?


Kpɔ ɖa, esiawo nye eƒe mɔwo to ko, eye nusi sem miele la, enye dalidodo. Ke ameka ate ŋu abe eƒe ŋusẽ ƒe gbeɖeɖe gɔme?


Ke ne nu blibo la va va la, ekem woaɖe nusiwo nye afãafãwo la ɖa.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite