Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




1 Korintotɔwo 13:5 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

5 mewɔa nusi medze o, media ye ŋuta tɔ o, mebia dzi o, mebua naneke vɔ̃ o;

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

5 Lɔlɔ̃ medoa eɖokui ɖe dzi o, media eɖokui tɔ o, eye mefiaa amemabumabu hã o. Lɔlɔ̃ mebiaa dzi o, meléa ehavi ɖe dɔ me o, eye medea dzesi nu vɔ̃ siwo amewo wɔ ɖe eŋu ɖi o.

Gade chapit la Kopi




1 Korintotɔwo 13:5
37 Referans Kwoze  

Amea ɖeke nagadi ye ŋutɔ tɔ o, ke nusi nye ame bubu ta la boŋ.


Nɔvinye lɔlɔ̃tɔwo, minya esia: Amesiame naɖe abla le nusese me, nanɔ blewu le nuƒoƒo me, nanɔ blewu hã le dziku me;


elabena wo kalẽ la woa ŋutɔwo tɔ dim wole, eye menye nusi nye Yesu Kristo tɔ o.


Mlɔeba la, nɔviwo, nusiwo nye nyateƒe, nusiwo dzea bubu, nusiwo le dzɔdzɔe, nusiwo le dzadzɛ, nusiwo dze na lɔlɔ̃, nusiwo dze na gbɔgblɔ, ne nudzeamewɔwɔa ɖe li, eye ne kafukafua ɖe li la, misusu nusiawo ŋuti!


Elabena, nɔviwo, woyɔ mi va ablɔɖenyenye gbɔ; ɖekoe ablɔɖenyenye la naganye mɔnunana ŋutilã o, ke boŋ misubɔ mia nɔewo le lɔlɔ̃ me!


bene mamãa ɖeke naganɔ ŋutilã me o, ke ŋutinuwo nalé be na wo nɔewo sɔsɔe boŋ.


Elabena Mawu enye amesi nɔ Kristo me lé avu le xexeame kple eɖokui dome, eye mebu woƒe vodadawo na wo o, eye wòtsɔ avulénya la de mia me.


abe alesi nye hã mele ɖiɖim bena, madze amewo katã ŋu le nusianu me, eye nyemedia nusi nyo na nye ŋutɔ o, ke nusi nyo na ame geɖeawo boŋ, bene woakpe agbexɔxɔ la ene.


Elabena gbã la, ne mieƒo ƒu ɖe hame la ƒe takpekpe me la, mesena bena, mamãwo naa mia dome, eye mexɔa ɖewo dzi sena.


Ke nye la mele egblɔm na mi bena: Amesiame, si le dɔmedzoe dom ɖe nɔvia ŋuti la, adze ʋɔnudɔdrɔ̃; eye amesi ke agblɔ na nɔvia bena takukutɔ la, adze daŋudede gã, eye amesi ke agblɔ bena lã la, adze dzomavɔʋemeyiyi.


Ke esi farisitɔ, si kpee la, kpɔ esia la, egblɔ le ye ŋutɔ ɖokui me bena: Ɖe amesia nye nyagblɔɖila la, anya amesi kple amesi ƒomevi nye nyɔnu sia, si le asi dem eŋu; elabena nuvɔ̃wɔla wònye.


Eye esi wòkpɔ wo godoo kple dziku la, exa nu le woƒe dzimesesẽ la ŋuti, eye wògblɔ na ame la bena: Mlo wò asi! Eye wòmloe, eye eƒe asi la gaɖɔ ɖo.


Elabena mia ŋutɔwo mienya alesi wòdze mi be, miasrɔ̃ mi; elabena míewɔ sakasaka le mia dome o,


Ke ne amea ɖe susu be, yemawɔ nyuie ɖe yeƒe ɖetugbi ŋuti o, nenye be, ele srɔ̃ɖeɖe me tom, eye ne ele vevie azɔ be, wòaɖe srɔ̃ la, ekema nusi dim wòle la, newɔe: mewɔ nuvɔ̃ o, nena wòaɖe srɔ̃.


Eye esi Yesu kpo wote tamebubuwo la, egblɔ bena: Nukaŋuti miele nu vɔ̃ɖiwo bum le miaƒe dzi me ale mahã?


amewo asẽ ŋuta le wo nɔewo ŋu, eye amesiame le ehavi ŋu, ɖeviwo adze agbo ɖe amegã ɖeɖiwo ŋu, eye yakamewo ɖe bubumewo ŋu.


Amon-viwo ƒe amegãwo gblɔ na woƒe aƒetɔ Xanun bena: Ɖe Dawid dɔ akɔfalawo ɖa, be woaɖe bubu fofowò ŋu na wò loo? Alo menye ɖe Dawid da eƒe dolawo ɖe gbɔwò, be woadzro dua me, eye woatsa ŋku le eme ahagblẽe oa?


Eyata medoa dzi le nuwo katã me ɖe ame tiatiawo ta, bene woawo hã ƒe asi nasu xɔxɔ, si le Kristo Yesu me, kple ŋutikɔkɔe mavɔmavɔ la dzi.


Ke nye la mele abe alẽvi mamlã, si wokplɔ yina wuwu ge ene, nyemenyae be, woɖo la me ɖe ŋunye o be: Mina míawu ati la kple eƒe tsetsewo, eye míatsrɔ̃e ɖa le agbagbeawo ƒe anyigba dzi, ne womagaɖo ŋu eƒe ŋkɔ azɔ o.


Dɔmedzoetɔ wɔa bometsinu; woalé fu amesi ɖoa aye ɖe tame


Kpɔ ɖa, menya miaƒe susuwo kple tame vɔ̃, siwo ɖom miele ɖe ŋunye.


Tete dɔme ve Mose ŋutɔ, eye wògblɔ na Yehowa bena: Megatrɔ ɖe woƒe vɔsa la ŋu o! Nyemexɔ tedzi ɖeka hã le wo si o, eye nyemewɔ vɔ ɖe wo dometɔa ɖeke ŋu hã o.


Ke Mose la wu amesiwo katã le anyigba dzi.


Le ɖokuinye nuɖeɖe gbãtɔ me la amea ɖeke mede dzinye o, ke boŋ wo katã wogblẽm ɖi. Womagabu esia na wo o.


Tete Mose gblɔ na Gad-viwo kple Ruben-viwo bena: A, mia nɔviwo le aʋa yi ge, eye miawo miedi be, miatsi afisia?


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite