Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




1 Korintotɔwo 13:13 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

13 Ke azɔ la xɔse kple mɔkpɔkpɔ kpakple lɔlɔ̃, nu etɔ̃ siawo nɔa anyi; ke lɔlɔ̃ la ƒo wo katã ta.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

13 Nu etɔ̃e nɔa anyi ɖaa. Esiawoe nye xɔse, mɔkpɔkpɔ kple lɔlɔ̃, eye nu si ƒo wo katã ta lae nye lɔlɔ̃.

Gade chapit la Kopi




1 Korintotɔwo 13:13
43 Referans Kwoze  

Miwɔ nuwo katã le lɔlɔ̃ me!


Ke hekpe ɖe nusiawo katã ŋuti la mido lɔlɔ̃, si nye blibonyenye la ƒe nublanu.


Elabena le Kristo Yesu me la aʋatsotso mate ŋu awɔ naneke o, eye aʋamatsomatso hã nenema ke, hafi boŋ xɔse, si sẽa ŋu le bla me lae.


Eye esia ŋuti medoa gbe ɖa ɖo, bena miaƒe lɔlɔ̃ la nana agbɔ sɔm ɖe dzi wu le sidzedze kple dzimenusese katã me,


Ke sedede ƒe nuwuwu enye lɔlɔ̃, si tso dzi dzadzɛ kple dzitsinya nyui kpakple xɔse, si me alakpaa ɖeke mele o la me;


Amesi ke lɔ̃a nɔvia la, eya naa kekeli la me, eye nuɖianua ɖeke mele eme o.


ke mí amesiwo nye ŋkeke tɔwo la, mina mianɔ mo xexi, eye míado xɔse kple lɔlɔ̃ ƒe akɔtakpoxɔnu, eye míaɖɔ xaxa ƒe mɔkpɔkpɔ ƒe gakuku la.


Elabena ele na mí katã bena, miatsɔ mía ɖokui afia le Kristo ƒe ʋɔnudrɔ̃zikpui la ŋgɔ, bene amesiame naxɔ nu ɖe alesialesi wòwɔ le ŋutilã me nɔnɔ me la nu, nenye nyuie alo vɔ̃.


Ke ne amea ɖe lã Mawu la, ekema Mawu dze si eyama.


amesiwo Mawu ɖi be, yeana woanya nusi nye nya ɣaɣla sia ƒe ŋutikɔkɔe ƒe kesinɔnyenye le trɔ̃subɔlawo dome, si nye Kristo le mia me, amesi nye ŋutikɔkɔe ƒe mɔkpɔkpɔ,


mi amesiwo to eyama dzi xɔ Mawu, amesi fɔe ɖe tsitre tso ame kukuwo dome, eye wòtsɔ ŋutikɔkɔe nɛ la dzi se, ale bena miaƒe xɔse kple mɔkpɔkpɔ nanɔ Mawu dzi.


Amesiame, si wodzi tso Mawu me la, mewɔa nuvɔ̃ o; elabena Mawu ƒe agbe nɔa eme, eye metea ŋu wɔa nuvɔ̃ o; elabena Mawu me wodzii tso.


Eye amesiame, si tsɔ eƒe mɔkpɔkpɔ sia ɖo eyama dzi la, eya kɔ eɖokui ŋuti, abe alesi eya hã ŋuti kɔ ene.


Fofowo, meŋlɔ ɖo ɖe mi; elabena mienya amesi li tso gɔmedzedzea me, Ɖekakpuiwo, meŋlɔ ɖo ɖe mi; elabena míesesẽ, eye Mawu ƒe nya la naa mia me, eye mieɖu vɔ̃ɖitɔ la dzi.


eye mɔkpɔkpɔ ma le mía si abe luʋɔ ƒe seke, si li dedie, eye wòsesẽ, eye wòyina ɖe xɔmetsovɔ ƒe emelɔƒo la ene,


Elabena Mawu mena vɔvɔ̃gbɔgbɔ mi o, ke boŋ ŋusẽ-kple lɔlɔ̃-kpakple ɖokuidziɖuɖugbɔgbɔe wòna mí.


Ke míele didim vevie bena, mia dome amesiame naɖe veviedodo ma ke afia le mɔkpɔkpɔ ƒe kakaɖedzi blibo vaseɖe nuwuwu la ŋuti,


eye míedzro eme kpɔ kpɔ esia bena, esi ame ɖeka ku ɖe amewo katã ta, eyata amewo katã ku. Eye wòku ɖe wo katã ta, bene amesiwo le agbe la, naganɔ agbe na wo ɖokui o, ke ne woanɔ agbe hena amesi ku, eye wògatsi tre le wo ta la boŋ.


Miti lɔlɔ̃ yome; ke midi gbɔgbɔ me nuwo vevie: vevietɔ bena miagblɔ nya ɖi.


Ne amea ɖe ƒe dɔwɔwɔ, si wòtu ɖe edzi la, tsi anyi la, axa fetu.


Miawo la mina nusi miese tso gɔmedzedzea me la, nanɔ mia me. Ne nusi miese tso gɔmedzedzea me la, nɔ mia me la, ekema miawo hã mianɔ Vi la kple Fofo la me.


ke nye la meɖe kuku ɖe tawò, bena wò xɔse nu nagatsi o; eye wò la, gbesigbe nètrɔ la, nado ŋusẽ nɔviwòwo!


Eye wòɖo ŋu nɛ bena: Nalɔ̃ Aƒetɔ, wò Mawu, kple wò dzi blibo kple wò luʋɔ blibo kple wò ŋusẽ blibo kple wò tamesusu blibo, kpakple hawòvi, abe alesi nèlɔ̃a wò ŋutɔ ɖokuiwò ene.


Ke miawo míenye amesiwo gbugbɔna ɖe megbe ɖe gbegblẽ me la dometɔwo o, ke boŋ amesiwo xɔnɛ sena hena luʋɔ xɔxɔ la dometɔwo míenye.


Ke le trɔ̃wo ƒe vɔsawo ŋuti la mienyae bena, sidzedze li na mi katã. Sidzedze la doa ame ɖe dzi, ke lɔlɔ̃ la tua ame.


Ke mɔkpɔkpɔ ƒe Mawu la natsɔ dzidzɔ kple ŋutifafa katã aye mi taŋ le xɔxɔse me, bene miakpɔ mɔkpɔkpɔ sɔ gbɔ fũ le Gbɔgbɔ kɔkɔe ƒe ŋusẽ me.


Eyata migatsɔ miaƒe dzideƒo, si teƒeɖoɖofetu gã li na la, ƒu gbe o.


le mɔkpɔkpɔ, si wodzra ɖo na mi le dziƒowo me, si miese tsã le nyanyuie ƒe nyateƒenya la me la ŋuti,


Ne nye ketɔwo le alɔme ɖem le gbɔgblɔm nam edziedzi be: Afika gɔ̃ wò Mawu le hã la, enɔna abe ŋɔ ɖunue le nye ƒuwo me ene.


Woayra amesi Yakob ƒe Mawu la nye xɔname na, amesi ƒe mɔkpɔkpɔ le Yehowa, eƒe Mawu la dzi;


Nye luʋɔ, nukaŋuti nèle nu xam, eye nètsi dzodzodzoe le menye? Kpɔ mɔ na Mawu, elabena magakafui eya, amesi nye nye xɔnametɔ kple nye Mawu la!


eye ɖaa míeɖoa ŋku miaƒe xɔse ƒe dɔwɔwɔ kple lɔlɔ̃ ƒe agbagbadzedze kpakple mɔkpɔkpɔ na mía Aƒetɔ Yesu Kristo la ƒe dzidodo le Mawu, mía Fofo ƒe ŋku me la dzi.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite