Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




1 Korintotɔwo 13:12 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

12 Elabena azɔ la míekpɔa nu le ahũhɔ̃e me le abebubu me, ke emegbe la ŋku me kple ŋku me; azɔ la medze si nu afã kple afã, ke emegbe la madze si nu keŋ, abe alesi wodze sim keŋ la ene.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

12 Ke azɔ la, nu siwo li la ƒe vɔvɔli ko kpɔm míele le ahuhɔ̃e me, emegbe míakpɔ nuawo ŋkume kple ŋkume. Azɔ la, menya nu afã kple afã; emegbe la, manyae blibo, abe ale si wonyam keŋkeŋkeŋ egbea ene.

Gade chapit la Kopi




1 Korintotɔwo 13:12
20 Referans Kwoze  

Lɔlɔ̃tɔwo, azɔ la míenye mawuviwo, eye nusi ke míava trɔ zu la, meɖo haɖe o; ke mienyae bena, ne eva do la, míaɖi eyama: elabena míakpɔe alesi wòle.


Ke mí katã mietso ŋku, si wometsyɔ nui o la, kpɔ Aƒetɔ la ƒe ŋutikɔkɔe abe ahũhɔ̃e me ene, eye wotrɔa míaƒe nɔnɔme ɖe nɔnɔme ma ke me tso ŋutikɔkɔe me yi ɖe ŋutikɔkɔe me, abe alesi wòtso Gbɔgbɔ ƒe Aƒetɔ la gbɔ ene.


Menye ɖe nye asi su edzi xoxo, alo mezu blibo xoxo o; ke eyome tim mele, bena negbe ɖeko nye asi lasu nusi ke ŋuti Kristo hã ƒe asi su dzinye ɖo la dzi.


eye woakpɔ eƒe ŋku me, eye eƒe ŋkɔ anɔ woƒe ŋgowonu.


Elabena ne amea ɖe nye nyasela, eye menye edziwɔla o la, eyama ɖi ŋutsua ɖe, si kpɔ eƒe dzɔdzɔmeme le ahũhɔ̃e me.


Elabena miezɔna le xɔse me, eye menye le nukpɔkpɔ me o. —


Woayra amesiwo dza le woƒe dzi me la: elabena woawoe akpɔ Mawu.


Ke ne amea ɖe lã Mawu la, ekema Mawu dze si eyama.


Elabena mebuna bena, ɣeyiɣi sia me fukpekpewo medze ŋutikɔkɔe, si wole ɖeɖe ge ɖe go afia le mia ŋuti la o.


boŋ nye ŋutɔ meƒoa nu kplii ŋku me kple ŋku me, nyemetoa adzo nɛ o, ke boŋ meɖea nuawo ŋutɔ fia nɛ, eye wòkpɔ Yehowa ƒe dzedzeme. Nukaŋuti mieva nye dɔla o, eye mieƒo nu le Mose ŋua?


Tete Yakob biae bena: Meɖe kuku, yɔ wò ŋkɔ nam! Eɖo ŋu bena: Nukaŋuti gɔ̃ nèle nye ŋkɔ ta biam? Eye wòyrae lé afima.


Mikpɔ nyuie, ne miagado vlo nenem ɖevi sue siawo dometɔ ɖeka o; elabena mele egblɔm na mi bena: Woƒe mawudɔla, siwo le dziƒowo la, le Fofonye, si le dziƒowo la, ƒe mo kpɔm ɖaasi.


sigbe alesi Fofo la nyam, eye nye hã menya Fofo la ene, eye metsɔ nye agbe ɖo anyi ɖe alẽawo ta.


Eye Yehowa ƒɔ nu kple Mose ŋku me kple ŋku me, abe alesi ame kple xɔlɔ̃a ƒoa nui ene; emegbe egatrɔna yia asaɖa la me. Ke eƒe kpeɖeŋutɔ Yosua. Nun vi, amesi nye eƒe subɔla la, medzona le agbadɔ la me o.


Amevi, to adzo, eye nado lo na Israel ƒe aƒe la


Eye ne nye ŋutilã vuvu yaʋayaʋa, eye nye ŋutilã megali o la, makpɔ Mawu.


Kpɔ ɖa, Mawu tri akɔ, mele nyanya me na mí o, eye eƒe ƒewo gɔmedidi meli o.


Esime menye vi la, meƒo nu abe vi ene, eye mesusu abe vi ene, eye mebu tame abe vi ene; ke esime mezu ŋutsu la, meɖe ɖevimenuwo ɖa.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite