Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




1 Korintotɔwo 12:9 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

9 ame bubu la xɔse le Gbɔgbɔ ma ke me; ame bubu la dɔyɔyɔ ƒe amenuvevenunanawo le Gbɔgbɔ ɖeka ma me;

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

9 Gbɔgbɔ la kee naa xɔse ame aɖe eye wònaa dɔyɔyɔ ƒe ŋusẽ ame bubu.

Gade chapit la Kopi




1 Korintotɔwo 12:9
21 Referans Kwoze  

Ke esi xɔse ƒe gbɔgbɔ ma ke le mía si la ŋuti, abe alesi woŋlɔ ɖi ene bena: „Mexɔe se, eyata meƒo nu ɖo“ la; míawo hã míexɔna sena, eyata míegblɔa nya hã;


(Elabena amenuveve wotsɔ ɖe mi to xɔse me, eye esia la metso mia ŋutɔwo mia me o, Mawu ƒe nunanae;


Eye nenye ɖe nyagbɔgblɔɖi le asinye, eye menya nya ɣaɣlawo katã kple sidzedze katã, eye nenye ɖe xɔse katã le asinye, ale bena mate ŋu aɖe towo ɖa, ke lolo mele asinye o la, anye ne nyemenye naneke o.


amesiwo ɖu fiaɖuƒewo dzi to xɔse me, wowɔ dzɔdzɔenyenyedɔwo, woxɔ ŋugbedodowo, womiã nu na dzatawo,


Ã, wo katãe kpɔ dɔyɔyɔwo ƒe amenuvevenunanawoa? Ã, wo katãe gblɔa gbe bubu ƒomeviwoa? A, wo katãe ɖea nya gɔmea?


Eye Mawu ɖo amea ɖewo le ha me: Gbãtɔ apostolowo, evelia nyagblɔɖilawo, etɔ̃lia nufialawo, emegbe la ŋusẽdɔwɔwɔwo, eya megbe la dɔyɔyɔ ƒe amenuvevenunanawo, kpeɖeŋutɔwo, dzikpɔlanyenyewo, gbegbɔgblɔ bubu ƒomeviwo.


Woalé dawo, eye ne wono nu wuame hã la, mele wo si ge o; woatsɔ woƒe asiwo aɖo dɔlélawo dzi, eye woƒe lãme lasẽ.


nenem bena wotsɔ dɔlélawo hã do go va ablɔ me, eye wotsɔ wo mlɔ abawo kple abatiwo dzi, bena ne Petro gbɔna la, eƒe vɔvɔli ɖeɖeko nadze wo dometɔa ɖe dzi.


eye mida gbe le dɔléla, siwo le eme la ŋu, eye migblɔ na wo bena: Mawufiaɖuƒe la gogo mi vɔ!


Eye wòdɔ wo ɖa be, woaɖe gbe ƒã mawufiaɖuƒe la, eye be woada gbe dɔlélawo ŋu.


Eye wonyã gbɔgbɔ vɔ̃ gedewo do go, ye wòsi ami na dɔléla geɖewo heda gbe le wo ŋu.


Yesu ɖo eŋu gblɔ na wo bena: Vavã mele egblɔm na mi bena: Ne xɔse le mia si, eye mieke ɖi o la, ekema menye nusi wɔ gboti la ɖeɖeko miawɔ o; ke boŋ ne miagblɔ na to sia hã bena: Ho, ne nayi aɖadze ƒu me la, ava ve me.


Mida gbe le dɔlélawo ŋu, migbɔ agbe ame kukuwo: mina anyidzelawo ŋuti nakɔ, eye minyẽ gbɔgbɔ vɔwo do goe. Faa miexɔe, faa minae.


Yesu, Nazaretetɔ la, alesi Mawu tsa Gbɔgbɔ kɔkɔe la kple ŋusẽ hesi nɛ, amesi tsa hele nu nyui wɔm, eye wòda gbe le amesiwo katã dzi Abosam ɖu la ŋu, elabena Mawu li kplii.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite