Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




1 Korintotɔwo 12:6 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

6 Eye ŋusẽdɔ bubu ƒomeviwo li, gake Mawu ma ke, si wɔa dɔwo katã le amewo katã me lae.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

6 Mawu toa mɔ vovovowo dzi wɔa eƒe dɔ le míaƒe agbenɔnɔ me, ke Mawu ɖeka ma ke koe wɔa eƒe dɔ to mí ame siwo katã nye etɔwo la dzi.

Gade chapit la Kopi




1 Korintotɔwo 12:6
12 Referans Kwoze  

gake Gbɔgbɔ ɖeka mao wɔa nusiawo katã, eye wòmã nu na amesiame wo tɔxɛ wo tɔxɛ, abe alesi wòlɔ̃na ene.


Eyata amesi do nu la, menye naneke o, eye amesi de tsii hã, menye naneke o, ke Mawu, si na tsitsi lae boŋ.


Ke eɖo ŋu na wo bena; Fofonye le dɔ wɔm vaseɖe fifi, eye nye hã mele ɖo wɔm.


afisi Helatɔ kple Yudatɔ, aʋatsotso kple aʋamatsomatso, gbegãdzitɔwo kple Skitetɔ, kluvi kple ablɔɖevia ɖeke megali o, ke Kristo enye wo katã, eye wòle wo katã me.


Mawu ɖeka, si nye wo katã Fofo, amesi le wo katã dzi, eye wòto wo katã me, eye wòle wo katã me.


nadzra mi ɖo blibo le dɔ nyui sia dɔ nyui wɔwɔ me, bena miawɔ eƒe lɔlɔ̃nu; eye wòawɔ nusi dze eŋu la, le mía me to Yesu Kristo dzi, amesi tɔ lanye ŋutikɔkɔe tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me! Amen.


nusi ta hã medzea agbagba ɖo, eye metsina le eƒe ŋusesẽ, si sẽa ŋu ŋusẽtɔe le menye la nu.


Elabena Mawu enye amesi wɔa didi kple nuwɔwɔ siaa le mia me le eƒe ŋudzedze la ŋuti.


Ke ne wotsɔ nuwo katã de ete la, ekema Vi la ŋutɔ hã atsɔ eɖokui ade amesi tso nuwo katã de ete la te, bene Mawu nanye wo katã le wo katã me.


Kpɔ ɖa, nusiawo katã Mawu wɔna na ame zi eve kple zi etɔ̃,


eye subɔsubɔdɔ bubu ƒomeviwo li, gake Aƒetɔ ma kee.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite