Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




1 Korintotɔwo 12:4 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

4 Ke amenuvevenunana bubu ƒomeviwo li, gake Gbɔgbɔ ma kee,

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

4 Azɔ la, nunana tɔxɛ ƒomevi geɖewo li gake Gbɔgbɔ Kɔkɔe ɖeka ma koe nye wo katã ƒe dzɔtsoƒe.

Gade chapit la Kopi




1 Korintotɔwo 12:4
11 Referans Kwoze  

Misubɔ mia nɔewo le alesi amesiame xɔ amenuvevenunana la nu, abe Mawu ƒe amenuveve bubu ƒomevi geɖewo ƒe xɔnuvi nyuiwo ene.


Eye Mawu ɖo amea ɖewo le ha me: Gbãtɔ apostolowo, evelia nyagblɔɖilawo, etɔ̃lia nufialawo, emegbe la ŋusẽdɔwɔwɔwo, eya megbe la dɔyɔyɔ ƒe amenuvevenunanawo, kpeɖeŋutɔwo, dzikpɔlanyenyewo, gbegbɔgblɔ bubu ƒomeviwo.


eye Mawu ŋuta hã tsɔ dzesiwo kple nukunuwo kple ŋusẽnu bubu ƒomevi geɖewo kple Gbɔgbɔ kɔkɔe nana le ye ŋutɔ ƒe lɔlɔ̃nu la, ɖi ɖase hekpe ɖe wo ŋuti.


Eye eya ke ɖo amea ɖewo wonye apostolowo, eye amea ɖewo hã nye nyagblɔɖilawo, eye amea ɖewo hã nye nyanyuiegblɔlawo, eye amea ɖewo hã nye kplɔlawo kple nufialawo,


eye metsɔ Mawu ƒe gbɔgbɔ, si fia nunya, gɔmesese, sidzedze kple aɖaŋu vovovowo wɔwɔ la, de eme fũ,


Elabena mele didim bena, amewo katã nanɔ anyi, abe alesi nye hã mele ene; gake amesiame kpo ye ŋutɔ ƒe amenuvevenuna tso Mawu gbɔ, amea ɖeka kpɔ esi, eye ame bubu hã kpɔ bubu.


Ke le gbɔgbɔ me nunanawo ŋuti la, nɔviwò, nyemele didim be, mianye ame manyanuwo o.


eye subɔsubɔdɔ bubu ƒomeviwo li, gake Aƒetɔ ma kee.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite