Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




1 Korintotɔwo 12:12 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

12 Elabena alesi ŋutilã ɖeka li, eye ŋutinu geɖewo li nɛ, ke ŋutilã ɖeka sia ŋutinuwo katã, ne wosɔ gbɔ geɖe hã la, wonye ŋutilã ɖeka la: Nenema kee nye Kristo hã.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

12 Ŋutinu geɖewo le míaƒe ŋutilã ŋu, ke ŋutinu geɖe siawo la, ŋutilã ɖeka ko wozuna ne wotsɔ wo katã ƒo ƒu. Nenema tututue wòle le Kristo ƒe “ŋutilã” gome hã,

Gade chapit la Kopi




1 Korintotɔwo 12:12
16 Referans Kwoze  

Eye Kristo ƒe ŋutifafa naɖu dzi le miaƒe dziwo me, nusi ŋuti woyɔ mi vɛ hã le ŋutilã ɖeka me, eye mizu ame ɖakpewo!


Ke miawo la Kristo ƒe ŋutilã míenye, eye mia dome ɖesiaɖe nye ŋutinu.


eye melé ɖe ta ŋuti o, amesi gbɔ ŋutilã blibo la katã kpɔa kpekpeɖeŋuti tsonɛ, eye wobiae ɖeka to ƒunuɖeƒeewo kple kawo me, eye wotsina le tsitsi, si tsoa Mawu gbɔ la nu.


Ŋutilã ɖeka kple Gbɔgbɔ ɖeka, abe alesi ke woyɔ mi hã le mia yɔyɔ ƒe mɔkpɔkpɔ ɖeka la me ene.


Elabena abolo ɖekae, ŋutilã ɖeka mi ame geɖewo míenye, elabena mí katã mieɖua abolo ɖeka la ƒe ɖe.


elabena eƒe ŋutilã ƒe ŋutinuwo míenye, fefe ŋutilã kple eƒe ƒuawo me mietso.


eye eyamae nye ŋutilã, si nye hame la ƒe ta, amesi nye gɔmedzedze kple ŋgɔgbevi tso ame kukuwo dome, bene wòanye gbãtɔ na nuwo katã;


elabena ŋutsue nye ta na nyɔnu, abe alesi Kristo hã nye ta na hame la ene, eye eyae nye ŋutilã la ƒe xɔla.


bene woadzra ame kɔkɔewo do hena subɔsubɔ ƒe dɔwɔwɔ hena Kristo ƒe ŋutilã tutu,


Ke Abraham la wogblɔ ŋugbedodowo na eya kple eƒe ƒome; womegblɔ be: „Kple ƒomeawo“ abe ame geɖe ene o, ke abe ame ɖeka ene boŋ: „Kple wò ƒome,“ si nye Kristo.


Azɔ la mekpɔa dzidzɔ le fu, siwo mekpena le mia ta la me, eye mewua nusiwo susɔ le Kristo ƒe fukpekpewo me la nu le nye ŋutilã me, le eƒe ŋutilã, si enye hame la ta,


si nye eƒe ŋutilã; eya amesi yɔ nuwo katã fũ le wo katã me la ƒe agbɔsɔsɔ la.


Ke wotso Gbɔgbɔ ƒe ɖeɖefia na amesiame, bene wòanyo na amewo katã.


Ke azɔ la ŋutinu geɖewo li, gake ŋutilã ɖeka hɔ̃ koe.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite