Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




1 Korintotɔwo 12:1 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

1 Ke le gbɔgbɔ me nunanawo ŋuti la, nɔviwò, nyemele didim be, mianye ame manyanuwo o.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

1 Azɔ la, nɔviwo, medi be maŋlɔ nu na mi tso nunana tɔxɛ siwo Gbɔgbɔ Kɔkɔe la naa mía dometɔ ɖe sia ɖe la ŋu, elabena nyemedi be nugɔmemasemase aɖeke nanɔ wo ŋu o.

Gade chapit la Kopi




1 Korintotɔwo 12:1
9 Referans Kwoze  

Ke ne amea ɖe bua eɖokui nyagblɔɖila alo gbɔgbɔmeme la, nedze si nusiwo meŋlɔ ɖo ɖe mi la bena, Aƒetɔ la ƒe sededewoe.


Eye eya ke ɖo amea ɖewo wonye apostolowo, eye amea ɖewo hã nye nyagblɔɖilawo, eye amea ɖewo hã nye nyanyuiegblɔlawo, eye amea ɖewo hã nye kplɔlawo kple nufialawo,


Ke, lɔlɔ̃tɔwo nu ɖeka sia naganɔ ɣaɣla ɖe mi o bena, te Mawu gbɔ la ŋkeke ɖeka le abe ƒe akpe ɖeka ene, eye ƒe akpe ɖeka hã abe ŋkeke ɖeka ene.


Ke, nɔviwo, míele didim bena, mianɔ numanyamanya me le amesiwo dɔ alɔ̃ la ŋuti o, bene miagaxa nu, abe ame bubu, siwo mɔkpɔkpɔ meli na o la ene o.


Nɔviwo, míele didim be, miaƒe xaxa, si miekpɔ le Asia la, nanɔ manyamanya na mi o, bena wowɔ fu mí geɖe ŋutɔ, wu alesi míete ŋu kpee, ale gbegbe be, míetsi dzodzodzoe keŋ le míaƒe agbe ŋuti.


Elabena nyemele didim be, miaganyae o, noviwò, bena mía fofowo katã nɔ alilikpo la te, eye wo katã woto ƒu la me,


Nɔviwo, nyemele didim be, miaganyae o bena, meɖo tame edziedzi be, mava mia gbɔ, ke woxe mɔ nam vaseɖe fifi, bene makpɔ kutsetse le mia dome hã, abe alesi mekpɔ le dukɔ bubuwo dome ene.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite