Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




1 Korintotɔwo 11:7 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

7 Hafi ŋutsu la negatsyɔ nu ta o; elabena Mawu ƒe nɔnɔme kple eƒe bubu wònye, ke nyɔnu enye ŋutsu ƒe bubu.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

7 Mehiã be ŋutsu ya natsyɔ nu ta o, elabena esia nye eɖokui dada ɖe anyi. Ŋutsue nye Mawu ƒe ŋutikɔkɔe elabena Mawu ŋutɔ ƒe nɔnɔme me wòwɔe ɖo, eye nyɔnu hã nye ŋutsu ƒe ŋutikɔkɔe.

Gade chapit la Kopi




1 Korintotɔwo 11:7
10 Referans Kwoze  

Ke mele ɖiɖim bena, mianyae bena, ŋutsu sia ŋutsu ƒe ta enye Kristo, ke nyɔnu ƒe ta enye ŋutsu, ke Kristo ƒe ta enye Mawu.


Esusɔ vie, nena wòsɔ kple Mawu kloe, eye netsɔ bubu kple ŋutikɔkɔe ɖɔ nɛ.


Amesi kɔ ameʋu ɖi la, amewo akɔ eya hã ƒe ʋu ɖi; elabena Mawu ƒe nɔnɔme nue wowɔ ame ɖo.


Esia nye Adam ƒe dzidzimeviwo ŋutinyagbalẽ. Esi Mawu wɔ Adam la, ewɔe ɖe eya ŋutɔ ƒe nɔnɔme.


Eye wògblɔ na nyɔnua bena: Mana nakpe fu geɖe le fufɔfɔ me, alé ku hafi àdzi vi, ke wò tame anɔ srɔ̃wò ŋu, eye eya anye gã ɖe dziwò.


Eya ke míetsɔna ƒoa fi dea ame, siwo wowɔ le Mawu ƒe nɔnɔme me.


Nyɔnu zãzɛ enye fiakuku na srɔ̃a; ke nyɔnu ŋukpenanuwɔla enye ŋuɖui le eƒe ƒuwo me.


Elabena ne nyɔnu mebia ta o la, na ne wòako ta keŋ! Ke ne enye ŋukpe na nyɔnu be, wòako ta alo wòalũi la, ekema nebia ta.


Le Tito gome la, nye zɔhɛ wònye, eye hadɔwɔla wònye le mia gbɔ; le nɔvi, siwo tso mía gbɔ gome la, hame ƒe ame dɔdɔwo wonye kple bubu na Kristo.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite