Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




1 Korintotɔwo 11:32 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

32 Ke ne wodrɔ̃ ʋɔnu mi la, Aƒetɔ la hea to na mi, bene womagabu fɔ mi kple xexeame zi ɖeka o.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

32 Ke ne Mawu drɔ̃ ʋɔnu mi, eye wòhe to na mi la, ɖe wòwɔe be womagabu fɔ mi abe xexea me tɔ mamlɛawo ene o.

Gade chapit la Kopi




1 Korintotɔwo 11:32
22 Referans Kwoze  

Nye la, ame geɖe alesi nu melɔ̃na la, mekaa ŋku me na, eye mehea to na; eyata ɖo vevie, be natrɔ le wò dzi me?


Yehowa he to nam, gake medem asi na ku o.


Eyata nyae le wò dzi me bena, ɖe Yehowa le nu fiãm wò, abe alesi ŋutsu fia nunya via ene.


Esia ŋuti mia dome ame geɖe ƒe lãme gbɔdzɔ, eye amewo le dɔ lém, eye ame geɖewo ku.


Eyata gblɔ na wo be: Esia nye dukɔ, si mesea Yehowa, eƒe Mawu ƒe gbe o, eye meɖoa to amehehe o. Nyateƒetoto nu yi, eye wotsrɔ̃ ɖa le woƒe nu me.


Míenyae bena, Mawu me míetso, eye xexeme blibo la katã le vɔ̃ɖi to la me.


Ke míenyae bena, nusianu, si se la le gbɔgblɔm la, etonɛ na amesiwo le se la me, bene amesiame ƒe nu natsi te, eye xexeme blibo la katã nazu fɔɖila na Mawu.


Egbe toɖoɖo, eye mena wohe to nɛ o; meɖo dzi ɖe Yehowa ŋu o, eye mete ɖe eƒe Mawu ŋu o.


Nukaŋuti woanɔ mia ƒoƒo dzi, esi miele godzedze dzi ɖaa? Ta blibo la xɔ abi, eye nu te dzi blibo la ŋu belibeli.


Manye fofoa, eye eya anye vinye, eye ne eda vo la, mahe to nɛ kple ameƒoti, eye maƒoe, abe alesi woƒoa amegbetɔviwo ene.


Eye menye alesi to ame ɖeka, si wɔ nuvɔ̃ la dzi, nunana la va ɖo o; elabena ʋɔnudɔdrɔ̃ la tso ame ɖeka me zu fɔbubu, ke amenuvevenunana la tso ame geɖewo ƒe vodadawo me zu avatsotsoname.


Afika nunyala le? Afika agbalẽfiala le? Afika xexe sia me ƒe anukutsyɔla le? Alo menye Mawu trɔ xexe sia me ƒe nunya wòzu bometsitsi o ɖe?


Elabena esi xexeame metso ye ŋutɔ ƒe nunya dze si Mawu le Mawu ƒe nunya me o ŋuti la, eyata edze Mawu ŋu be, yeato gbeƒãɖeɖe bometsinya me axɔ amesiwo axɔ ase la.


Elabena ɖe mieɖu mia ɖokui me kpɔ la, anye ne womele ʋɔnu drɔ̃ ge mi o.


Eyata, nɔviwò, ne mieva kpe ta le nu ɖu ge la, ekema milala mia nɔewo.


amesiwo dome Himenaio kple Aleksandro wole, amesiwo metsɔ de asi na Satana, bene wòahe to na wo, be woadzudzɔ busunyagbɔgblɔ.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite