Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




1 Korintotɔwo 11:29 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

29 Elabena amesi ɖunɛ alo nonɛ madzemadze la, eɖua, eye wònoa ʋɔnudɔdrɔ̃ na eɖokui, elabena mebu Aƒetɔ la ƒe ŋutilã me kpɔna o.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

29 Elabena ne ame aɖe ɖu abolo sia, eye wòno nu le kplu sia nu, le esime mese wɔna sia ƒe vevinyenye gɔme tututu o la, ekema ele Mawu ƒe dziku kple ʋɔnudɔdrɔ̃ hem va eɖokui dzi, elabena mebu Kristo ƒe ku la ɖe naneke me kura o.

Gade chapit la Kopi




1 Korintotɔwo 11:29
11 Referans Kwoze  

Eyata amesi ke ɖua abolo sia, alo noa nu le Aƒetɔ la ƒe kplu sia nu madzemadze la, aɖi fɔ le Aƒetɔ la ƒe ŋutilã kple nu la ŋuti.


Esia ŋuti mia dome ame geɖe ƒe lãme gbɔdzɔ, eye amewo le dɔ lém, eye ame geɖewo ku.


Nɔvinyewo, migazu nufialawo taŋtaŋ o, esi mienyae bena, ʋɔnudɔdrɔ̃ sesẽ wu kpɔ ge míala la ŋuti.


Ke nuɖuɖu sesẽ li na amesiwo tsi zu blibo to ŋudɔwɔwɔ me kpɔ sidzenu, siwo nu ma wo, be wòabu nyui kple vɔ̃ me kpo la.


eye esi wòda akpe le eta la, èŋe eme gblɔ bena: „Mixɔe ɖu, esiae nye nye ŋutilã, si woŋe le mia ta; miwo esia, ne miatsɔe aɖo ŋku dzinye.“


Eyata amesi ke dzea aglã ɖe dziɖuɖu ŋuti la, etsia tre ɖe Mawu ƒe nuɖoanyi ŋuti; ke amesiwo dzea aglã la, woakpɔ woƒe ʋɔnudɔdrɔ̃.


Amesi dzra sedede ɖo la, vɔa ɖeke mava edzi o, eye nunyala ƒe dzi nyaa azãgbe kple ʋɔnudɔdrɔ.


Ke wu wo katã la, nɔvinyewo, migatà nu o, eɖanye dziƒo alo anyigba alo nutàta bubua ɖeke o; ke miaƒe ẽ nanye ẽ, eye miaƒe o nanye o, ne miagadze ʋɔnudɔdrɔ̃ me o.


Amegbetɔvi la va, ɖua nu, noa nu, eye miegblɔ bena: Nutsuɖula kple ahatsunola, nudzɔlawo kple nuvɔ̃wɔlawo ƒe xɔlɔ̃.


Ke ame naɖo eɖokui akpɔ, eye ale wòaɖu abolo sia ƒe ɖe, eye wòano nu le kplu sia nu.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite