Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




1 Korintotɔwo 11:25 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

25 Nenema ke wòtsɔ kplu le nuɖuɖu la megbe hegblɔ bena: „Esiae nye nubabla yeye ƒe kplu le nye ʋu me; miwo esia, zi alesi mianoe la, ne miatsɔe aɖo ŋku dzinye.“

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

25 Nenema ke esime woɖu nua vɔ hã la, etsɔ wainkplu la, eye wògblɔ be, “Kplu siae nye Mawu kple amegbetɔwo ƒe nubabla yeye le nye ʋu me, ɣe sia ɣi si mianoe la, miatsɔe aɖo ŋku dzinye.”

Gade chapit la Kopi




1 Korintotɔwo 11:25
11 Referans Kwoze  

Eye nenema ke wòtsɔ kplu la le fiẽnuɖuɖu la megbe hegblɔ bena: Kplu sia enye nubabla yeye le nye ʋu me, si woka ɖe anyi le mia ta.


Ke ŋutifafa Mawu, si kplɔ mía Aƒetɔ Yesu, amesi nye alẽwo ƒe kplɔla gã la, ɖo go tso ame kukuwo dome le nubabla mavɔ ƒe ʋu la me la,


amesi hã wo mi miedze be, mianye nubabla yeye ƒe subɔlawo, menye agbalẽŋlɔdzesi tɔwo o, hafi Gbɔgbɔ tɔwo boŋ. Elabena agbalẽŋlɔdzesi la wua ame, ke Gbɔgbɔ la gbɔa agbe ame.


Yayrakplu, si míeyrana la, menye Kristo ƒe ʋu la ƒe hadedee o ɖe? Eye abolo, si míekana la, menye Kristo ƒe ŋutilã ƒe hadedee o ɖe?


ke wona woƒe tamesusuwo sẽ. Elabena vaseɖe egbegbe sia la nutsyɔnu sia gale nubabla xoxo ƒe xexlẽ la dzi, eye womekloe o, elabena woɖenɛ ɖa le Kristo me.


Eye Mose ku ʋu la ƒe afã ɖe ze me, eye wõhlẽ ʋu la ƒe afã ɖe vɔsamlekpui la ŋu.


Eyome Mose, tsɔ du la wu ɖe dukɔ la dome gblɔ bena: Esia enye nusi Yehowa bia kpli mi, ɖe nya siawo katã dzi la, ƒe ʋu.


Yehowa be: Kpɔ ɖa, ŋkeke li gbɔna, eye mabia nu yeye kple Israel ƒe aƒe kpakple Yuda ƒe aƒe.


eye esi wòda akpe le eta la, èŋe eme gblɔ bena: „Mixɔe ɖu, esiae nye nye ŋutilã, si woŋe le mia ta; miwo esia, ne miatsɔe aɖo ŋku dzinye.“


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite