Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




1 Korintotɔwo 11:21 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

21 Elabena amesiame tsɔa ye ŋutɔ ƒe nuɖuɖu heɖuna gbã le nuaɖuƒe, ɖɔ nɔa amea ɖe wum, ke ame bubu mua aha.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

21 Mese be nu si dzɔna lae nye be ne miesɔ be yewoaɖu nu la, ame aɖewo mekpɔa naneke tsɔna vanɛ o. Ame aɖewo ya tsɔa nu geɖewo vanɛ. Ame siawo ɖua nu siwo woawo ŋutɔ tsɔ vɛ la katã, eye wonoa aha muna. Evɔ la, ame aɖewo ya nɔa dɔmeɣi.

Gade chapit la Kopi




1 Korintotɔwo 11:21
7 Referans Kwoze  

Amesiawo nye ɖiƒoƒo le miaƒe lɔlɔ̃nuɖuɖuwo me, esi woɖua nutsu nyia wo ɖokui le mia gbɔ vɔvɔ̃ manɔmee; alilikpo tsi manɔme, siwo ya ƒona yina gbɔna la, wonye; ati, siwo dzi kutsetse menɔa le nuŋeɣi o, siwo ku zi eve, eye woho wo,


eye woaxɔ madzɔmadzɔnyenye ƒe fetu. Amesiwo bua gbesiagbe ƒe aglotutu dzidzɔnui, ɖiƒoƒo kple ŋukpe wonye, eye wotsɔa nusiwo wokpɔ to woƒe amebeble me la, ɖua nu tsui, eye wotua aglo kpli mi;


eye wògblɔ nɛ bena: Amesiame tsoa wein nyuitɔ ɖoa anyi gbã, eye ne wonoe mu la, ekema hafi wotsɔa manyomanyotɔ la vanɛ; wò la èdzra wein nyui la ɖo vaseɖe fifi.


Azɔ la ne mieva kpe ta ɖe afi ɖeka la, menye Aƒetɔ la ƒe nuɖuɖue nye ekema o.


Ke ne ɖa le amea ɖe wum la, neɖu nu le aƒe me, bene miagava kpe ta hena ʋɔnudɔdrɔ̃ o. Ke ne meva la, maɖo nusiwo susɔ la.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite