Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




1 Korintotɔwo 10:9 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

9 Migana miate Kristo akpɔ, abe alesi wo dome amea ɖewo tee kpɔ fe ye dawo tsrɔ̃ wo ene la o.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

9 Nɔviwo, miawo hã migaɖia Kristo nu abe ale si wowɔ eye da ɖu wo dometɔ geɖewo woku ene o.

Gade chapit la Kopi




1 Korintotɔwo 10:9
11 Referans Kwoze  

Wote Mawu kpɔ le woƒe dziwo me hebia nuɖuɖu na woƒe nudzodzro,


Eye wona ŋkɔ teƒe la bena: Masa kple Meriba. Elabena Israel-viwo wɔ dzre, eye wote Yehowa kpɔ gblɔ bena: Ɖe Yehowa le mía dome loo, alo meli o?


Tete dukɔ la wɔ dzre kple Mose, eye wogblɔ bena: Mina tsi mi miano! Mose ɖo ŋu na wo bena: Nukaŋuti miele dzre wum kplim? Nukaŋuti miele Yehowa tem kpɔ?


Ke wote Mawu, dziƒoʋitɔ la kpɔ, wodze aglã, eye womelé eƒe seawo me ɖe esi o.


Migate Yehowa, mia Mawu la kpo, abe alesi mietee kpɔ le Masa la ene o;


Wodzro nu le gbedzi, eye wote Mawu kpɔ le gbedadaƒo.


Afisi mia fofo wo tem kpɔ, eye wodom kpɔ le, evɔ wonye wokpɔ nye nuwɔwɔwo hafi.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite