Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




1 Korintotɔwo 10:22 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

22 Alo ɖe miana Aƒetɔ la naʋã ŋua? Ɖe míesesẽ wui mahã?

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

22 Nu ka? Ɖe miedi be yewoado dɔmedzoe na Aƒetɔa? Ɖe miebu be miesesẽ wuia?

Gade chapit la Kopi




1 Korintotɔwo 10:22
18 Referans Kwoze  

Wotsɔ mũ maɖimawuwo ɖe ŋuʋaʋã menye, eye wotsɔ woƒe legbawo do dziku nam. Eyata nye hã matsɔ ame maɖidukɔwo ade ŋuʋaʋã wo me, eye matsɔ dukɔ baɖawo ado dziku na wo.


Wotsɔ mawu bubuwo ɖe ŋuʋaʋã me, eye wotsɔ ŋunyɔnuwo do dɔmedzoe nɛ.


Enye ŋɔdzinu, ne amea ɖe ge ɖe Mawu gbagbe la ƒe asi me.


Ɖe dzi anɔ ƒowò, eye ŋusẽ anɔ wò asi ŋu le ŋkeke, siwo me mawɔ nu kpli wòa? Nye Yehowa ye ƒo nu, eye mawɔe hã.


Nusi dza la, woyɔ eƒe ŋkɔ ɖi tsa, eye nusi ame ava zu la, woɖoeɖa ɖi, eye mate ŋu ahe nya kple amesi sẽ wui o.


Woƒe klosalo kple sika hã mate ŋu aɖe wo le Yehowa ƒe dɔmedzoedogbe o, eye eƒe ŋuʋa-ʋã ƒe dzo afiã anyigba blibo la; elabena ele anyigbadzitɔwo katã tsrɔ̃ ge zi ɖeka.


Baba na amesi le dzre hem kple emèla, sonu gaglɛ wònye le anyisonu gaglɛwo dome! Ɖe tsu agblɔ na emela be: Nuka wɔm nèle? alo eƒe dɔwɔwɔ nagblɔ be: Mèto asi oa?


Wotsɔ woƒe nuxeƒewo do dziku nɛ, eye woƒe legbawo wotsɔ do adãe.


Dzi nyanu le esi, eye eƒe ŋusẽ kako. Ameka tsi tre ɖe eŋu, eye megbe kpɔdodoe o?


Yosua ɖo ŋu na dukɔ la bena: Miate ŋu asubɔ Yehowa o, elabena Mawu kɔkɔe kple Mawu hã ŋu wònye, matsɔ miaƒe vodadawo kple nuvɔ̃wo ake mi o.


Elabena Yehowa, wò Mawu la, ŋuʋã Mawu wònye le dowòme, bena Yehowa magaɖo dɔmedzoe ɖe ŋuwò, eye woatsrɔ̃ wò ɖa le anyigba dzi o.


Elabena Yehowa, wò Mawu la, dzo binu kple Mawu ʋãŋu wònye.


Megade ta agu na mawu bubuwo o, elabena Yehowa enye ŋuʋãla, eƒe ŋkɔe nye Mawu ŋuʋãla.


Megade ta agu na wo o, eye megasubɔ wo o, elabena nye Yehowa, wò Mawu la, Mawu ʋãŋu menye, amesi ɖoa fofowo ƒe vodada teƒe na ɖevi, siwo léa tum la, vaseɖe dzidzime etɔ̃lia kple enelia dzi;


Eye Yuda wɔ nusi nye vɔ̃ le Yehowa ŋku me, eye wotsɔ woƒe nuvɔ̃, siwo wowɔ la, ɖo dziku nɛ wu nusiwo katã wo fofowo wɔ.


Yehowa be: Nyee wole dziku dom na loo? Woawo ŋutɔwo boŋ ƒe moe wole ŋukpe demi.


mietsɔ miaƒe asinudɔwɔwɔwo ɖo dziku nam, eye miedo dzudzɔ na mawu tutɔwo le Egipte-nyigba dzi, afisi mieyi, be miaɖanye amedzro le, ne miatsrɔ̃ mia ɖokui, eye miazu ɖiŋudonu kple alɔmeɖenu le anyigba dzi dukɔwo katã domea?


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite