Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




1 Korintotɔwo 10:17 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

17 Elabena abolo ɖekae, ŋutilã ɖeka mi ame geɖewo míenye, elabena mí katã mieɖua abolo ɖeka la ƒe ɖe.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

17 Ne míesɔ gbɔ ale gbegbe hã la, abolo ɖeka ma ko míemana ɖuna. Esia ɖo kpe edzi na mí be mí katã míenye Kristo ƒe ŋutilã ɖeka ma ƒe akpa aɖe.

Gade chapit la Kopi




1 Korintotɔwo 10:17
17 Referans Kwoze  

nenema ke mí ame geɖewo míenye ŋutilã ɖeka le Kristo me, hafi mía dome ame ɖeka ɖekawo la ŋutinuwo míenye;


Eye Kristo ƒe ŋutifafa naɖu dzi le miaƒe dziwo me, nusi ŋuti woyɔ mi vɛ hã le ŋutilã ɖeka me, eye mizu ame ɖakpewo!


Ke miawo la Kristo ƒe ŋutilã míenye, eye mia dome ɖesiaɖe nye ŋutinu.


Elabena alesi ŋutilã ɖeka li, eye ŋutinu geɖewo li nɛ, ke ŋutilã ɖeka sia ŋutinuwo katã, ne wosɔ gbɔ geɖe hã la, wonye ŋutilã ɖeka la: Nenema kee nye Kristo hã.


Eyaŋuti miɖe aʋatsokaka ɖi, eye amesiame nagblɔ nyateƒe na ehavi; elabena ŋutinuwo míenye na mía nɔewo.


amesi gbɔ wòtso wokpe ŋutilã blibo la katã, eye wobiae ɖekae, eye woto ƒunuɖeƒewo katã ƒe kpekpe ɖe wo nɔewo ŋu me, le ŋutinu sia ŋutinu ƒe dɔwɔwɔ, si womã nɛ la nu, hewu ŋutilã ƒe tsitsi la nu hena tutu le lɔlɔ̃ me.


Ŋutilã ɖeka kple Gbɔgbɔ ɖeka, abe alesi ke woyɔ mi hã le mia yɔyɔ ƒe mɔkpɔkpɔ ɖeka la me ene.


afisi Helatɔ kple Yudatɔ, aʋatsotso kple aʋamatsomatso, gbegãdzitɔwo kple Skitetɔ, kluvi kple ablɔɖevia ɖeke megali o, ke Kristo enye wo katã, eye wòle wo katã me.


bena trɔ̃subɔlawo zu ŋugbedodo ƒe domenyilawo kple hadelawo kple gomekpɔlawo le Kristo Yesu me to nyanyuie la me,


eye melé ɖe ta ŋuti o, amesi gbɔ ŋutilã blibo la katã kpɔa kpekpeɖeŋuti tsonɛ, eye wobiae ɖeka to ƒunuɖeƒeewo kple kawo me, eye wotsina le tsitsi, si tsoa Mawu gbɔ la nu.


Miate ŋu ano Aƒetɔ la ƒe kplu, agano gbɔgbɔ vɔ̃wo ƒe kplu hã o; miate ŋu akpɔ gome le Aƒetɔ la ƒe kplɔ̃ ŋuti, agakpɔ gome le gbɔgbɔ vɔ̃wo ƒe kplɔ̃ ŋuti hã o.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite