Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




1 Korintotɔwo 10:16 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

16 Yayrakplu, si míeyrana la, menye Kristo ƒe ʋu la ƒe hadedee o ɖe? Eye abolo, si míekana la, menye Kristo ƒe ŋutilã ƒe hadedee o ɖe?

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

16 Ne míele Aƒetɔ la ƒe Nuɖuɖu Kɔkɔe ɖum la, mí katã míedoa gbe ɖa eye míenoa nu le kplu ɖeka nu. Ɖe esia mefia be mí katã míele yayra ɖeka xɔm tso Kristo ƒe ʋu me oa? Azɔ ne míeka abolo ɖeka me heɖu la, esia hã fia be mí katã míekpɔ viɖe tɔxɛ tso Kristo ƒe ŋutilã me oa?

Gade chapit la Kopi




1 Korintotɔwo 10:16
17 Referans Kwoze  

Eye wonɔ apostolowo ƒe nufiafia kple habɔbɔ, abolokaka kple gbedodoɖa me.


ke ne míele kekeli me zɔm, abe alesi eya ŋutɔ le kekeli me ene la, ekema míedo ƒome kple mía nɔewo, eye Via Yesu Kristo ƒe ʋu la klɔa nuvɔ̃ katã ɖa le mía ŋuti.


Elabena míezu Kristo ƒe gomekpɔlawo, nenye be, míalé miaƒe dzideƒo ƒe gɔmedzedze me ɖe asi sesĩe halase nuwuwu la.


Eye gbesiagbe wonɔa gbedoxɔ me kple tame ɖeka, eye wole abolo kam le aƒe sia aƒe me, eye woɖua nu kple dzidzɔ kpakple dzimekɔkɔ


Nuteƒewɔlae nye Mawu, amesi ya mi va Via Yesu Kristo, mía Aƒetɔ la, ƒe hamenɔnɔ me la.


nusi miekpɔ, eye miese la, mieɖea gbe ƒãe na miawo hã, bene miawo hã miado ƒome kpakpli mí, eye míaƒe ƒomedodo la li kple Fofo la kpakple Via Yesu Kristo.


Eye le kwasiɖa ƒe ŋkeke gbãtɔ dzi, esi mieƒo ƒu, be míaŋe abolo la, Paulo gblɔ nya na wo; eye wòdidi nya la ɖe edzi vaseɖe zãtitina, elabena edi be, ne ŋu ke la, yeadze mɔ.


Elabena Gbɔgbɔ ɖeka me wode mawutsi ta na mí katã le, bena mianye ŋutilã ɖeka, míeɖanye Yudatɔwo alo Helatɔwo o, míeɖanye kluviwo alo ablɔɖeviwo o, eye wotsɔ Gbɔgbɔ ɖeka kpe na mi katã.


Eye esi wogayi dziaƒo la, eŋe abolo, eye woɖu, eye wògaƒo nu geɖe na wo vaseɖe fɔŋli me, eye ale wòdzo.


Eye esi wòtso kplu ɖe asi la, eda akpe ɖe edzi hegblɔ bena: Mixa esia, eye mimã me le mia nɔewo dome;


Nunyalawo mele egblɔm na — mibu nusi gblɔm mele la me kpɔ:


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite